Psalmowo 64:1-10

  • Takpɔkpɔ tso amedzidzedze me

    • “Mawu ƒe aŋutrɔ alɔ wo le vo me” (7)

Na henɔ la. David ƒe ha. 64  Oo Mawu, ne meƒo koko na wò la, see.+ Kpɔ nye agbe ta tso futɔ la ƒe ŋɔdzidodo me.   Kpɔ tanye tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo me,+Tso nu vlo wɔlawo ƒe ha la si me,   Wonyre woƒe aɖewo abe yi ene;Eye wodzidze woƒe nya tɔamewo ɖe ame dzi abe aŋutrɔ ene,   Ne woanɔ bebeƒe ada ame maɖifɔ la;Wodanɛ zi ɖeka ʋĩm vɔvɔ̃manɔmee.   Woléa woƒe tame vɔ̃ ɖoɖowo me ɖe asi;*Woƒoa nu tso ale si woatre mɔ̃ le adzame ŋu. Wogblɔna be: “Ame kae akpɔe?”+   Wodia nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe mɔnu yeyewo;Wotsɔa ayedzedze ɖoa nugbe le adzame;+Eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe dzimesusuwo goglo ŋutɔ.   Gake Mawu ƒe aŋutrɔ alɔ wo le vo me;+Woaxɔ abi vevie enumake.   Woawo ŋutɔwo ƒe aɖe aƒu wo anyi;+Ame siwo katã akpɔ wo la, aʋuʋu ta.   Eye vɔvɔ̃ aɖo amewo katã,Woaɖe gbeƒã nu si Mawu wɔ,Eye woase eƒe nuwɔnawo gɔme nyuie.+ 10  Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòasii atso;+Ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe la, akafui kple dzidzɔ.*

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Wodea nu vloe wɔwɔ ƒe dzi ƒo na wo nɔewo.”
Alo, “aƒo adegbe.”