Psalmowo 126:1-6

  • Woɖo Zion te dzidzɔtɔe

    • “Nu gãwoe Yehowa wɔ” (3)

    • Avifafa zu aseyetsotso (5, 6)

Todzimɔ dzi Hadzidzi. 126  Esime Yehowa gakplɔ Zion ƒe aboyomewo gbɔe la,+Ewɔ na mí abe drɔ̃e kumee míenɔ ene.   Ɣemaɣi la, nukoko yɔ míaƒe nu me fũuEye míaƒe aɖe tso aseye.+ Ɣemaɣi la, wogblɔ le dukɔwo dome be: “Nu gãwoe Yehowa wɔ na wo.”+   Yehowa wɔ nu gãwo na mí,+Dzi le mía dzɔm ale gbegbe.   Oo Yehowa, gaɖo mí aboyomeawo te,Abe tɔʋu siwo le Negeb* ene.   Ame siwo le nu ƒãm kple aɖatsiwo la,Woaŋe nu kple aseyetsotso.   Ame si doa go yia agble, togbɔ be ele avi dzi,Eye wòtsɔa nuku si wòaƒã ɖe asi la,Atrɔ agbɔ kple aseyetsotso,+Eye wòatsɔ nuku bablawo ɖe asi agbɔe godoo.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “anyiehe.”