Psalmowo 96:1-13

  • “Midzi ha yeye na Yehowa”

    • Yehowa dze na kafukafu ŋutɔ (4)

    • Dukɔwo ƒe mawuwo katã nye mawu maɖinuwo (5)

    • Mide ta agu le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me (9)

96  Midzi ha yeye na Yehowa.+ Anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!+  2  Midzi ha na Yehowa; mikafu eƒe ŋkɔ. Miɖe gbeƒã eƒe xɔname ŋuti nya nyui la gbe sia gbe.+  3  Miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome,Kple eƒe nukudɔwɔwɔwo le dukɔwo katã dome.+  4  Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ. Vɔvɔ̃ le eŋu wu mawu bubuwo katã.  5  Dukɔwo ƒe mawuwo katã nye mawu maɖinuwo,+Ke Yehowae nye ame si wɔ dziƒowo.+  6  Gãnyenye* kple atsyɔ̃ɖoɖo le eŋkume;+Ŋusẽ kple nyonyo le eƒe kɔkɔeƒe la.+  7  Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo, mitsɔ nu si Yehowa dze na la nɛ,Mitsɔ nu si Yehowa dze na la nɛ le eƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ la ta.+  8  Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ;+Mitsɔ nunana ɖe asi miava eƒe xɔxɔnuwo.  9  Mide ta agu ɖe Yehowa ŋkume le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me;*Anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume! 10  Migblɔ le dukɔwo dome be: “Yehowa zu Fia!+ Anyigba* la li ke sesĩe, maʋã* akpɔ o. Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe.”+ 11  Dziƒowo nekpɔ dzidzɔ, eye anyigba netso aseye;Atsiaƒu kple emenuwo neɖe gbe;+ 12  Agble kple emenukuwo katã netso aseye.+ Avemetiwo katã hã negli kple dzidzɔ le ɣeyiɣi ma ke me+ 13  Le Yehowa ŋkume, elabena egbɔna,*Egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo le dzɔdzɔenyenye me,+Kple dukɔwo le nuteƒewɔwɔ me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Bubu.”
Agate ŋu afia, “le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ la ta.”
Alo, “Anyigba wɔnu.”
Alo, “maʋuʋu.”
Alo, “eva ɖo.”