Psalmowo 14:1-7

Na henɔ la. David ƒe ha. 14  Bometsila* gblɔna le eƒe dzi me be: “Yehowa aɖeke meli o.”+ Wowɔa nu gbegblẽ, wowɔa ŋunyɔnuwo;Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.+   Ke Yehowa léa ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒoBe yeakpɔe ɖa be ame aɖe li si sea nu gɔme, eye wòbiaa Yehowa ta sena hã.+   Wo katã wodze ɖe aga;+Wo katã wogblẽ. Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,Ðeka hɔ̃ hã meli o.   Ðe nu tovo wɔlawo dometɔ aɖeke medzea si nu oa? Wole nye dukɔ la ɖum hamham abe abolo ene. Womeyɔa Yehowa o.   Ke ŋɔdzi gã alé wo,+Elabena Yehowa li kple ame dzɔdzɔewo ƒe dzidzime.   Nu tovo wɔlawo le agbagba dzem be yewoagblẽ ame tsɛ ƒe ɖoɖowo me,Ke Yehowae nye eƒe sitsoƒe.+   Oo, ne ɖe xɔname atso Zion ava na Israel ɖe!+ Ne Yehowa gakplɔ eƒe aboyomewo gbɔe la,Ekema Yakob nekpɔ dzidzɔ, Israel netso aseye.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Abunetɔ.”