Psalmowo 68:1-35

  • ‘Mawu ƒe futɔwo naka hlẽ’

    • “Tsyɔ̃eviwo fofo” (5)

    • Mawu naa nɔƒe ame tsiakogowo (6)

    • Nyɔnu nya nyui gblɔlawo (11)

    • Nunana siwo nye amewo (18)

    • ‘Yehowa tsɔa míaƒe agbawo na mí gbe sia gbe’ (19)

Na henɔ la. David ƒe ha. Kafukafuha. Hadzidzi. 68  Mawu netso, ne eƒe futɔwo naka hlẽ,Eye ame siwo léa fui la nasi le eŋkume.+  2  Ale si ya kplɔa dzudzɔ dzonae la, nenemae nàkplɔ wo adzoe;Ale si anyixe lólona le dzo nui la,Nenemae ame vɔ̃ɖiwo nu ayi le Mawu ŋkume.+  3  Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ;+Woatso aseye le Mawu ŋkume;Eye woagli kple dzidzɔ.  4  Midzi ha na Mawu; midzi kafukafuha* na eƒe ŋkɔ.+ Midzi ha na Ame si to gbedzi* gbɔna,Eŋkɔe+ nye Yah!* Mitso aseye le eŋkume!  5  Tsyɔ̃eviwo fofo kple ahosiwo takpɔlae*+ Mawu nye, le eƒe kɔkɔeƒe la.+  6  Mawu naa nɔƒe ame tsiakogowo;+Eɖea ga gamenɔlawo henaa nu dzea edzi na wo.+ Ke tosẽlawo* ya atsi kuɖiɖinyigba dzi.+  7  Oo Mawu, esi nènɔ ŋgɔ na wò dukɔ,+Esi nèzɔ to gbegbe la, (Sela)  8  Anyigba ʋuʋu;+Dziƒo dza tsi le Mawu ŋkume;Sinai sia hã ʋuʋu le Mawu, Israel ƒe Mawu la ŋkume.+  9  Oo Mawu, èna tsi dza bababa,Ègado ŋusẽ wò ame* siwo ŋu ɖeɖi te belibeli la. 10  Wonɔ wò agbadɔwo me;+Oo Mawu, le wò nyuiwɔwɔ ta nèkpɔ ame dahewo dzi. 11  Yehowa ŋutɔe ɖe gbe;Nyɔnu nya nyui gblɔlawo de ha kpaŋ.+ 12  Aʋakɔwo ƒe fiawo de afɔ du me,+ wode afɔ du me! Nyɔnu si le aƒe me la hã xɔ aboyonuawo ƒe ɖe.+ 13  Togbɔ be mi ŋutsuwo miemlɔ asaɖa ƒe dzowo* gbɔ hã la,Ahɔnɛ ƒe aʋala siwo ŋu wofa klosalo ɖo,Kple eƒe fu siwo ŋu wofa sika nyuitɔ ɖo lae miakpɔ. 14  Esi Ŋusẽkatãtɔ la ka eƒe fiawo hlẽ la,+Sno dza le Zalmon.* 15  Basan towo+ nye Mawu ƒe to;*To kɔkɔwoe Basan towo nye. 16  Mi to kɔkɔwo, nu ka tae miele ŋu biãmTo si dzi Mawu tia be yeanɔ la?+ Ɛ̃, afi mae Yehowa anɔ tegbee.+ 17  Mawu ƒe aʋatasiaɖamwo le akpe nanewo, wonye akpe teƒe akpewo.+ Yehowa ŋutɔ tso Sinai va kɔkɔeƒe la.+ 18  Èlia yi dzi ʋĩi;+Èkplɔ aboyomewo yii;Èxɔ nunana siwo nye amewo,+Ɛ̃, tosẽlawo gɔ̃ hã,+ be yeanɔ wo dome, Oo Yah, Mawu. 19  Woakafu Yehowa, ame si tsɔa míaƒe agbawo na mí gbe sia gbe,+Mawu vavã si nye míaƒe xɔnametɔ la. (Sela) 20  Mawu vavã la nye Mawu si xɔna na ame;+Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae ɖea ame tso ku si me.+ 21  Nyateƒee, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo,Kple dzodome na ame sia ame si kpɔtɔ le eƒe fɔɖiɖi me.*+ 22  Yehowa be: “Makplɔ wo tso Basan agbɔe;+Makplɔ wo tso atsiaƒu ƒe gogloeƒewo agbɔe, 23  Ne nàklɔ wò afɔ ɖe ʋu me,+Ne wò avuwo ƒe aɖe nakpɔ wo tɔ gome le futɔwo ŋu.” 24  Oo Mawu, wokpɔ wò aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔhawo,Nye Mawu, nye Fia, ƒe aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔhawo zɔ va kɔkɔeƒe la.+ 25  Hadzilawo dze ŋgɔ, kasaŋkuƒolawo xe megbe;+Ðetugbui axatsɛƒolawo le wo titina.+ 26  Mikafu Mawu le ameha gãwo dome;*Mikafu Yehowa, mi ame siwo dzɔ tso Israel ƒe Tsidzɔƒe+ la. 27  Benyamin,+ si nye woƒe suetɔ la, le wo dzi ɖum,Yuda-megãwo kple woƒe ame hahooawo,Kpakple Zebulon-megãwo kple Naftali-megãwo hã. 28  Wò Mawu ɖoe be ŋusẽ naɖo ŋuwò. Oo Mawu, wò, ame si wɔe na mí, ɖe wò ŋusẽ fia.+ 29  Le wò gbedoxɔ si le Yerusalem ta,+Fiawo atsɔ nunanawo avɛ na wò.+ 30  Blu ɖe gbemelã siwo le aɖawo me,Ðe nyitsuwo+ kple nyiviwo ƒe ha la ta,Va se ɖe esime dukɔwo natsɔ ɖokuibɔbɔ alɔ klosalo vɛ.* Ka dukɔ siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ la ya hlẽ. 31  Woatsɔ gadzẽnuwo atso Egipte avɛ;*+Kus aɖe abla atsɔ nunanawo ɖe asi avɛ na Mawu. 32  Oo, anyigbadzifiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu,+Midzi kafukafuha* na Yehowa, (Sela) 33  Na Ame si bɔbɔ nɔ dziƒowo ƒe dziƒo si li tso tititi.+ Kpɔ ɖa! Eɖe gbe, ena eƒe gbe sesẽ la ɖi. 34  Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ.+ Eƒe gãnyenye le Israel dzi,Eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli* me. 35  Ŋɔdzi le Mawu ŋu le eƒe kɔkɔeƒe gã la.*+ Israel ƒe Mawu wònye,Ame si naa ŋusẽ kple ŋutete dukɔ la.+ Woakafu Mawu.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “miƒo ha.”
Agate ŋu afia “le alilikpowo dzi.”
Yah nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe ʋɔnudrɔ̃lae.”
Alo, “aglãdzelawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò domenyinu.”
Agate ŋu afia, “lãkpɔwo.”
Alo, “Enɔ abe ɖe sno dza ɖe Zalmon ene.”
Alo, “nye to gã si nya kpɔ.”
Alo, “kpɔtɔ le zɔzɔm le fɔɖiɖi me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le takpekpewo me.”
Agate ŋu afia, “dukɔwo nanya avuzi le klosalo dzi.”
Alo, “Ame dɔdɔwo atso Egpite ava.”
Alo, “Miƒo ha.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “alilikpowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe gã la.”