Psalmowo 33:1-22
33 Oo, mi ame dzɔdzɔewo, migli kple dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.+
Esɔ be nu dzɔdzɔe wɔlawo nakafui.
2 Mitsɔ saŋku da akpe na Yehowa;Miƒo ha* nɛ le kasaŋku kaewotɔwo dzi.
3 Midzi ha yeye nɛ;+Mitsɔ aseyetsotso ƒo kasaŋku nɛ aɖaŋutɔe.
4 Elabena Yehowa ƒe nya le dzɔdzɔe,+Eye eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe.
5 Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe.+
Anyigba dzi yɔ fũu kple Yehowa ƒe amenuveve.+
6 Yehowa ƒe numenya nue wòwɔ dziƒowo,+Eye eƒe numegbɔgbɔ la nue wòwɔ wo ŋu nuwo* katã.
7 Enana atsiaƒutsiwo ƒoa ƒu ɖi abe tsita ene;+Eye wòdzraa tsi dzeagbowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.
8 Anyigba blibo la nevɔ̃ Yehowa.+
Anyigbadzinɔlawo katã nevɔ̃e eye woade bubu deto eŋu.
9 Elabena eƒo nu, eye wòva eme;+Ede se, eye wòli ɖi goŋgoŋ.+
10 Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me;+Etɔtɔ dukɔwo ƒe ɖoɖowo me.+
11 Ke Yehowa ƒe nyametsotsowo* ya li tegbee;+Eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.
12 Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye,+Dukɔ si wòtia be wòanye ye ŋutɔ ye tɔ.+
13 Yehowa kpɔa nu tso dziƒowo;Ekpɔa amegbetɔviwo katã.+
14 Ele enɔƒeEye eƒe ŋku le anyigbadzinɔlawo katã ŋu.
15 Eyae wɔa amewo katã ƒe dzi;Eye wòléa ŋku ɖe woƒe dɔwɔwɔwo katã ŋu.+
16 Fia ƒe aʋadziɖuɖu mele aʋakɔ kpaŋkpaŋ me o;+Eye kalẽtɔ ƒe ŋusẽ triakɔ meɖenɛ o.+
17 Ŋuɖoɖo ɖe sɔwo ŋu hena aʋadziɖuɖu+ nye tofloko;Eƒe ŋusẽ triakɔ la mexɔna na ame godoo o.
18 Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu,+Ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve,
19 Be wòaɖe wo* tso ku si meEye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli.+
20 Míele mɔ kpɔm* na Yehowa.
Míaƒe kpeɖeŋutɔ kple míaƒe akpoxɔnu wònye.+
21 Eya mee míaƒe dzi kpɔa dzidzɔ le;Elabena eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋue míeɖoa dzi ɖo.+
22 Oo Yehowa, wò amenuveve nenɔ kpli mí,+Esi míele mɔ kpɔm na wò.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “Midzi kafukafuha.”
^ Alo, “dziƒoʋakɔwo.”
^ Alo, “adaŋudedewo.”
^ Alo, “woƒe luʋɔ.”
^ Alo, “Míaƒe luʋɔ le mɔ kpɔm.”