Psalmowo 135:1-21

  • Mikafu Yah elabe elolo

    • Dzesiwo kple nukunuwo ɖe Egipte ŋu (8, 9)

    • “Wò ŋkɔ li ɖaa tegbee” (13)

    • Legba siwo me agbe mele o (15-18)

135  Mikafu Yah!* Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ;Oo, mi Yehowa subɔlawo, mikafui,+   Mi ame siwo tsia tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la me,Ðe mía Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo.+   Mikafu Yah, elabena Yehowa nyo ale gbegbe.+ Midzi kafukafuha* na eƒe ŋkɔ, elabena evivina.   Elabena Yah tia Yakob na eɖokui,Etia Israel, be wòanye yeƒe nunɔamesi tɔxɛ.*+   Elabena menyae nyuie be Yehowa lolo;Mía Aƒetɔ la ƒo mawu bubuwo katã ta.+   Nu sia nu si dze Yehowa ŋu wòbe yeawɔ la, ewɔnɛ,+Le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo kple tɔ goglowo katã me.   Enana alilikpowo* tsoa anyigba ƒe mlɔenuwo yia dzi;Ewɔa dzikedzo na tsidzadza;*Ekplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒewo.+   Eya, ame si wu Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo,Amegbetɔwo kple lãwo siaa.+   Oo Egipte, eɖo dzesiwo kple nukunuwo ɖe mewò,+Ðe Farao kple eƒe subɔviwo katã ŋu.+ 10  Eya, ame si da nu dukɔ geɖewo ƒu anyi,+Eye wòwu fia sesẽwo+ 11  —Amori-fia Sihon+Kple Basan-fia Og,+Eye wòtsrɔ̃ Kanaan fiaɖuƒewo katã. 12  Etsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui,Etsɔe wɔ domenyinu na eƒe dukɔ Israel.+ 13  Oo Yehowa, wò ŋkɔ li ɖaa tegbee. Oo Yehowa, woaɖo ŋku wò gãnyenye* dzi tso dzidzime yi dzidzime.+ 14  Elabena Yehowa aʋli eƒe dukɔ la ta,*+Eye eƒe dɔme atrɔ* ɖe esubɔlawo ŋu.+ 15  Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika,Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔ wonye.+ 16  Nu li na wo, gake womeƒoa nu o;+Ŋku li na wo, gake womekpɔa nu o; 17  To li na wo, gake womesea nu o. Eye gbɔgbɔ aɖeke hã mele woƒe nu me o.+ 18  Ame siwo wɔa wo la anɔ abe woawo ke ene,+Nenema kee nye ame siwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la hã.+ 19  Oo Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa. Oo Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa. 20  Oo Lewi ƒe aƒe, mikafu Yehowa.+ Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafu Yehowa. 21  Woakafu Yehowa tso Zion,+Eya, ame si le Yerusalem.+ Mikafu Yah!+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “Miƒo ha.”
Alo, “nunɔamesi vevi.”
Agate ŋu afia, “Eɖea toƒe na tsidzadza.”
Alo, “afu.”
Alo, “ŋkɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkuɖodzi.”
Alo, “axɔ eƒe dukɔ ƒe nya ɖe akɔ.”
Alo, “wòatrɔ susu.”