Psalmowo 28:1-9
-
Wose hakpala la ƒe gbedodoɖa
-
‘Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu’ (7)
-
David ƒe ha.
28 Oo Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele;+Mègado tokum o.
Ne èzi kpi kpɔm la,Manɔ abe aʋlimeyilawo ene.+
2 Se nye kokoƒogbe ne medo ɣli na wò,Eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la.+
3 Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo kple ame siwo tsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖo dɔe la ŋu o,+Ame siwo ƒoa nu kple wo xɔlɔ̃wo fafɛ, evɔ vɔɖivɔ̃ɖi le dzi me na wo.+
4 Ðo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu,+Ðe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo nu.
Ðo eteƒe na wo ɖe woƒe asinudɔwɔwɔwo nu,Ðe woƒe nuwɔnawo nu.+
5 Elabena womeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo,+Kple eƒe asinudɔwɔwɔ ŋu o.+
Eya ta aƒu wo anyi, eye magafɔ wo ɖe te o.
6 Woakafu Yehowa,Elabena ese nye kokoƒoƒo be woakpe ɖe ŋunye.
7 Yehowae nye nye ŋusẽ+ kple nye akpoxɔnu;+Eya ŋue nye dzi le ŋu ɖom ɖo.+
Exɔ nam, eya ta nye dzi le aseye tsom;Eya ta madzi ha akafui.
8 Yehowae nye eƒe dukɔ la ƒe ŋusẽ;Eyae nye mɔ́ sesẽ si xɔna na eƒe amesiamina la geɖe.+
9 Xɔ na wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu la.+
Kplɔ wo, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu ɖaa tegbee.+