Psalmowo 106:1-48
106 Mikafu Yah!*
Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo;+Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.+
2 Ame kae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nu tsu wɔwɔwoAlo ate ŋu akafui ɖe eƒe dɔwo katã ta wòade edeƒe?+
3 Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi,Ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe ɣeawokatãɣi.+
4 Oo Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne ève wò dukɔ la nu.*+
Tsɔ wò xɔnamedɔwo kpɔ tanye,
5 Ne makpɔ gome le nyui si nèwɔna na wò ame tiatiawo la me,+Ne dzi nadzɔm ɖe wò dukɔ la ti,Ne maƒo adegbe akafu wò kpe ɖe wò domenyinu la ŋu.
6 Míewɔ nu vɔ̃, abe mía tɔgbuiwo ke ene;+Míeda vo; míewɔ nu vɔ̃ɖi.+
7 Mía tɔgbui siwo nɔ Egipte mekpɔ ŋudzedze ɖe wò nukudɔwo ŋu o.
Womeɖo ŋku wò amenuveve geɖeawo dzi o,Ke boŋ wodze aglã le ƒu la nu, le Ƒudzĩ la nu.+
8 Gake exa ɖe eƒe ŋkɔ la ta ɖe wo,+Ne wòatsɔ aɖe eƒe gãnyenye afia.+
9 Eblu ɖe Ƒudzĩ la ta, eye wòmie;Ekplɔ wo to ƒu gɔme abe gbedzi ene;+
10 Eɖe wo tso woƒe ketɔwo si me,+Eye wòxɔ wo le woƒe futɔwo si.+
11 Tsiawo nyè tsyɔ woƒe ketɔwo dzi;Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.+
12 Eya ta woxɔ eƒe nya la dzi se;+Eye wodzi ha kafui.+
13 Gake woŋlɔ nu siwo wòwɔ na wo la be kaba;+Womegbɔ dzi ɖi kpɔ eƒe mɔfiame sinu o.
14 Woɖe mɔ woƒe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le gbea dzi;+Wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo.+
15 Etsɔ nu si dim wole la na wo,Ke hã ekplɔ dɔvɔ̃ si nana woɖia ku* glaŋ la ƒu wo.+
16 Woʋã ŋu Mose le asaɖa la me,Kple Yehowa ƒe ame kɔkɔe+ Aron+ hã.
17 Ale anyigba la ke nu mi DatanEye anyigba la tsyɔ Abiram kple eƒe ha la dzi.+
18 Dzo fiã woƒe ameha la;Dzoƒaɖe fiã ame vɔ̃ɖiawo.+
19 Wowɔ nyivi hã le Horeb,Eye wode ta agu na legba si wokɔ̀;*+
20 Ale wotsɔ nye ŋutikɔkɔe ɖɔliNyitsu si ɖua gbe la ƒe nɔnɔme.+
21 Woŋlɔ Mawu+ woƒe Xɔnametɔ la be,Ame si wɔ nu gãwo le Egipte,+
22 Ame si wɔ nukudɔwo le Ham-nyigba dzi,+Kple nu dziŋɔwo le Ƒudzĩ la nu.+
23 Ðe wòbe yeaɖe gbe ne woatsrɔ̃ wo gbidii hafi,Ke eƒe ame tiatia Mose ye tso wo xɔ*Ale be eƒe dziku helĩhelĩ la nu fa.+
24 Wodo vlo anyigba nyui la;+Womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.+
25 Wonɔ nyatoƒoe tom le woƒe agbadɔwo me;+Womeɖo to Yehowa ƒe gbe o.+
26 Ale wòkɔ eƒe asi dzi ka atam ɖe wo ŋuBe yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi;+
27 Be yeaxlã woƒe dzidzimeviwo ɖe anyi le dukɔwo dome,Eye yeaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.+
28 Wode ta agu na Baal-Peor,*+Eye woɖu nu si wotsɔ sa vɔe na nu siwo me agbe mele o.*
29 Wotsɔ woƒe nuwɔnawo do dziku nɛ,+Eye wòɖo fuwɔame ɖe wo dome.+
30 Ke esi Finehas tso heɖe afɔ si hiã ko la,Fuwɔame la nu tso.+
31 Wobui dzɔdzɔenyenye nɛTso dzidzime yi dzidzime, tegbee.+
32 Wodo dziku nɛ le Meriba* tsi la gbɔ,Ale be le woawo ta eme menyo na Mose o.+
33 Wodo vevesese na eƒe gbɔgbɔ,Ale be wòƒo nu eŋumabumabui.+
34 Wometsrɔ̃ dukɔwo gbidigbidi+Abe ale si Yehowa de se na wo ene o.+
35 Ke boŋ wotsaka kple dukɔwo,+Eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔnawo.+
36 Wonɔ woƒe legbawo subɔm,+Ale wòzu mɔ̃ ɖe wo.+
37 Wotsɔa wo viŋutsuwoKple wo vinyɔnuwo saa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo.+
38 Ale wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi,+Si nye woawo ŋutɔwo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu,Ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo;+Eye wotsɔ ʋukɔkɔɖi ƒo ɖi anyigba la.
39 Woƒe nuwɔnawo na wozu ame makɔmakɔwo;Eye woto woƒe nuwɔnawo dzi wɔ gbɔgbɔmehasi.+
40 Ale Yehowa ƒe dziku fla ɖe eƒe dukɔ la ŋu,Eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu la.
41 Etsɔ wo de asi na dukɔwo enuenu,+Ne woƒe futɔwo naɖu wo dzi.+
42 Woƒe futɔwo te wo ɖe anyi,Eye wobɔbɔ wo ɖe woƒe ŋusẽ* te.
43 Exɔ na wo zi geɖe,+Ke woawo la, wodzea aglã hesẽa to,+Ale wòbɔbɔ wo ɖe anyi le woƒe vodadawo ta.+
44 Gake ekpɔa woƒe xaxa,+Eye wòsea woƒe kokoƒoƒo.+
45 Le wo ta, eɖoa ŋku eƒe nubabla la dzi,Elabena eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ʋãnɛ wòkpɔa nublanui na wo.*+
46 Enana ame siwo katã ɖe aboyo wo laKpɔa nublanui na wo.+
47 Oo Yehowa mía Mawu, xɔ na mí,+Eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome,+Ne míada akpe ɖe wò ŋkɔ kɔkɔe la taNe míatsɔ aseyetsotso akafu wò.+
48 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la,Tso mavɔ me yi mavɔ me.+
Dukɔ blibo la negblɔ be, “Amen!”*
Mikafu Yah!*
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
^ Alo, “ne èwɔ nyui na wò dukɔ la.”
^ Alo, “si nana luʋɔ ɖia ku.”
^ Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mose ye va tsi tre ɖe gbagbãƒe la le eŋkume.”
^ Alo, “Woku ɖe Baal-Peor ŋu.”
^ Efia, vɔ siwo wosana na ame kukuwo alo mawu siwo me agbe mele o.
^ Egɔmee nye, “Dzrewɔwɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “asi.”
^ Alo, “wòtrɔa susu.”
^ Alo, “Neva eme.”
^ Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.