Psalmowo 129:1-8

  • Wotso ɖe ŋunye gake womeɖu dzinye o

    • Ŋu akpe ame siwo katã lé fu Zion (5)

Todzimɔ dzi Hadzidzi. 129  “Tso keke nye ɖekakpuime kee wotso ɖe ŋunye”+ —Israel negblɔ azɔ be—  2  “Tso keke nye ɖekakpuime kee wotso ɖe ŋunye;+Gake womeɖu dzinye o.+  3  Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nu to nye dzime;+Wodidi woƒe boliƒo ɖe enu.”  4  Ke Yehowa le dzɔdzɔe;+Elã ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo.+  5  Ame siwo katã léa fu Zion la,Ŋu akpe wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe.+  6  Woanɔ abe gbe si mie ɖe xɔ ta,Si yrɔna hafi woava yi eho ge la ene,  7  Si meyɔa nuŋela ƒe asi me looAlo ame si le nuku bablawo lɔm la ƒe abɔwo dome o.  8  Ame siwo tso eme va yina la magblɔ be: “Yehowa ƒe yayra nenɔ mia dzi,Míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.

Etenuŋɔŋlɔ