Psalmowo 20:1-9
-
Xɔxɔ na Mawu ƒe fia si wòsi ami na
-
Dukɔwo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo kple sɔwo ŋu, ‘ke míawo ya, Yehowa ƒe ŋkɔe míeyɔna’ (7)
-
Na henɔ la. David ƒe ha.
20 Yehowa netɔ na wò le xaxagbe.
Yakob ƒe Mawu ƒe ŋkɔ nenye takpɔkpɔ na wò.+
2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la+Eye wòado ŋusẽ wò tso Zion.+
3 Neɖo ŋku wò nunavɔsawo katã dzi;Eye wò numevɔsa nedze eŋu.* (Sela)
4 Nena nu si wò dzi di la wò+Eye wòana wò ɖoɖowo* katã nadze edzi na wò.
5 Míatso aseye le wò xɔxɔdɔwo ŋuti;+Míado míaƒe dzesiti ɖe dzi le mía Mawu ƒe ŋkɔ me.+
Yehowa nawɔ wò biabiawo katã dzi na wò.
6 Azɔ menyae be Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la.+
Etɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la ke,Eye wòtsɔa eƒe ɖusibɔ sesẽ la xɔna nɛ.*+
7 Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye bubuwo ɖe sɔwo ŋu,+Ke míawo ya la, míeyɔa Yehowa mía Mawu ŋkɔ.+
8 Womu dze anyi,Ke míawo ya la, míetso, eye míeli ke sesĩe.+
9 Oo Yehowa, xɔ na fia la!+
Atɔ na mí le gbe si gbe míeyɔe.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nebu wò numevɔsa abe nu si da ami ene.”
^ Alo, “adaŋudede.”
^ Alo, “nana wòkpɔa dziɖuɖu.”