Psalmowo 130:1-8

  • “Gogloeƒe kee meyɔ wò le”

    • “Ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la” (3)

    • Yehowa gbɔe tsɔtsɔke vavãtɔ le (4)

    • “Mele Yehowa sinu kpɔm vevie” (6)

Todzimɔ dzi Hadzidzi. 130  Oo Yehowa, gogloeƒe kee meyɔ wò le.+   Oo Yehowa, se nye gbe. Lé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu.   Oo Yah,* ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la,*Oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?+   Elabena gbɔwòe tsɔtsɔke vavãtɔ le,+Ne woavɔ̃ wò.+   Mele mɔ kpɔm na Yehowa, nye ameti bliboa mele* mɔ kpɔm nɛ;Mele eƒe nya la sinu kpɔm.   Mele* Yehowa sinu kpɔm vevie,+Wu ale si zãdzɔlawo kpɔa mɔ na ŋdi,+Ɛ̃, wu ale si zãdzɔlawo kpɔa mɔ na ŋdi.   Israel nenɔ Yehowa sinu kpɔm,Elabena Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la nu metsina o,+Eye ɖeɖe bɔ ɖe esi ŋutɔ.   Aɖe Israel tso eƒe vodadawo katã me.

Etenuŋɔŋlɔ

“Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “ne èbe yealé vodadawo ɖi la.”
Alo, “nye luʋɔ le.”
Alo, “Nye luʋɔ le.”