Psalmowo 15:1-5
David ƒe ha.
15 Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me?
Ame kae anɔ wò to kɔkɔe la dzi?+
2 Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,+Si wɔa nu dzɔdzɔe+Eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.+
3 Ame si metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o,+Mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o,+Eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o.*+
4 Ame si gbɔ ame vloewo meɖia naneke le o,+Ke edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa ya ŋu.
Megbea eƒe ŋugbedodo* dzi wɔwɔ o, ne esia agblẽ nu le eya ŋutɔ ŋu gɔ̃ hã.+
5 Ame si medoa ga na ame xɔa deme ɖe edzi o,+Eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o.+
Ame si wɔa nu siawo la, maʋã* akpɔ o.+