Psalmowo 107:1-43
107 Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo;+Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.+
2 Ame siwo Yehowa gbugbɔ ƒle la negblɔ nya sia,Ame siwo wògbugbɔ xɔ le ketɔ la si,*+
3 Ame siwo nu wòƒo ƒu tso anyigbawo dzi,+Tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe,Tso dziehe kple anyiehe.+
4 Wotsa tsaglãla le gbedzi, le gbedadaƒo;Womekpɔ mɔ si woato ayi du si me woanɔ la o.
5 Dɔ kple tsikɔ wu wo;Nu te wo* ŋu belibeli.
6 Wonɔ ɣli dom na Yehowa le woƒe xaxa me;+Eɖe wo tso woƒe hiã me,+
7 Ekplɔ wo to mɔ dzɔdzɔetɔ dzi,+Ale be woayi du si me woanɔ la me.+
8 Woada akpe na Yehowa+ ɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta,Kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta.+
9 Elabena eɖi kɔ na tsikɔwuitɔwo*Eye wòtsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo.*+
10 Wo dometɔ aɖewo nɔ blukɔ tsiɖitsiɖi me,Wonɔ fu kpem le ga me eye wobɔ pã wo.
11 Elabena wogbe Mawu ƒe nya;Eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuxlɔ̃ame.+
12 Ale be wòtsɔ fukpekpe bɔbɔ woƒe dzi ɖe anyi;+Wodze anyi, eye womekpɔ xɔnametɔ aɖeke o.
13 Woyɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo le woƒe xaxa me;Eye wòɖe wo tso woƒe hiã me.
14 Ekplɔ wo do goe tso blukɔ tsiɖitsiɖi me,Eye wòtso woƒe kɔsɔkɔsɔwo.+
15 Woada akpe na Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta,+Kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta.
16 Elabena egbã akɔbliʋɔtruwoEye wòŋe gayibɔgametiwo.+
17 Wokpe fu ɖe woƒe bometsitsi ta,+Ðe woƒe dzidadawo kple vodadawo ta.+
18 Nuɖuɖu aɖeke megadzroa wo o;*Eye wogogo ku ƒe agbowo nu.
19 Woyɔa Yehowa be wòaxɔ na yewo le woƒe xaxa me;Eye wòɖea wo tso woƒe hiã me.
20 Eɖoa eƒe nya ɖa wòdaa gbe le wo ŋu,+Eye wòɖea wo tso ʋe si me wotsi la me.
21 Woada akpe na Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta,Kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta.
22 Woasa akpedavɔ,+Eye woatsɔ aseyetsotso aɖe gbeƒã eƒe dɔwɔwɔwo.
23 Ame siwo nɔa tɔdziʋuwo me zɔa atsiaƒu dzi,Eye wotsaa asi le tsi gbanaawo dzi la,+
24 Woawoe kpɔa Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo,Kple eƒe nukudɔwo le tɔ goglowo dzi;+
25 Ahom sesẽwo tuna le eƒe nya nu,+Ale be wòkɔa ƒutsotsoewo ɖe dzi.
26 Ʋuawo yia dzi boo;Eye wogadzea tsia me doo.
Dzi ɖena le wo ƒo* le esi woɖo afɔku me ta.
27 Wotrona le ya nu sagasaga abe ahanomunɔwo ene,Eye woƒe aɖaŋu megava nɔa ɖeke me o.+
28 Wodoa ɣli na Yehowa le woƒe xaxa me,+Eye wòxɔna na wo le woƒe hiã me.
29 Enana ahom la dzea akɔ anyi kpoo;Ale be ƒutsotsoewo dzea eme.+
30 Dzi dzɔa wo be wo nu fa,Eye wòkplɔa wo yia ʋudzeƒe si dim wole.
31 Woada akpe na Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta,Kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta.+
32 Woadoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ha me,+Eye woakafui le ame tsitsiwo ƒe takpekpe* me.
33 Etrɔa tɔsisiwo wòzua gbegbeKple tsidzɔƒewo wòzua kuɖiɖinyigba,+
34 Anyigba wɔnu la zua dzenyigba,+Le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
35 Etrɔa gbegbe wòzua tsita,Kple kuɖiɖinyigba wòzua tsidzɔƒe.+
36 Afi mae wònana dɔwuitɔwo nɔna,+Ne woatsò du si me woanɔ.+
37 Wodea nukugblewo kple waingblewo,+Eye wokpɔa agblemenuwo fũu.+
38 Eyraa wo, ale be wosɔa gbɔ ŋutɔ;Menana woƒe nyiwo dzi ɖena kpɔtɔna o.+
39 Ke wogazua ʋɛ eye wobɔbɔa wo ɖe anyi,Le teteɖeanyi, xaxa kple nuxaxa geɖe ta.
40 Etrɔa vlododo kɔna ɖe bubumewo dziAle be wònana wotsaa tsaglãla le gbegbe, afi si mɔ aɖeke mele o.+
41 Ke eɖea ame dahewo* tso teteɖeanyi me,+Eye wònana woƒe ƒomewo dzina ɖe edzi abe alẽha ene.
42 Ame dzɔdzɔewo kpɔe, eye wotso aseye;+Ke ame madzɔmadzɔwo katã mia nu.+
43 Ame si nye nunyala alé ŋku ɖe nu siawo ŋu+
Eye wòade ŋugble le Yehowa ƒe amenuveve geɖeawo ŋu nyuie.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “ketɔ la ƒe ŋusẽ te.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “woƒe luʋɔ.”
^ Alo, “luʋɔ siwo dɔ le wuwum.”
^ Alo, “luʋɔ siwo tsikɔ le wuwum.”
^ Alo, “Nuɖuɖu ɖe sia ɖe nyɔa ŋu na woƒe luʋɔ.”
^ Alo, “Woƒe luʋɔ lólona gbanaa.”
^ Alo, “adaŋu.”
^ Alo, “ekɔa ame dahewo ɖe dzi.”