Psalmowo 138:1-8

  • Togbɔ be Mawu le dzi boo hã la, eléa be na ame

    • “Ètɔ nam” (3)

    • ‘Ne mele xaxa me tom hã la, àkpɔ tanye’ (7)

David ƒe ha. 138  Makafu wò tso dzi blibo me.+ Madzi kafukafuha na wòLe mawuwo ŋkume.*  2  Mabɔbɔ adze ŋgɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la,*+Eye makafu wò ŋkɔ,+Le wò amenuveve kple wò nuteƒewɔwɔ ta. Elabena èdo wò nya kple wò ŋkɔ ɖe dzi ƒo nu sia nu ta.*  3  Gbe si gbe meyɔ wò la, ètɔ nam;+Èna dzi ɖo ƒonye,* eye nèdo ŋusẽm.+  4  Oo Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò,+Elabena woase ŋugbe siwo nèdo.  5  Woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu,Elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo.+  6  Togbɔ be Yehowa le dzi boo hã la, edzea si ɖokuibɔbɔla la,+Ke ekpɔa dadala ya tso adzɔge ʋĩi ke.+  7  Ne mele xaxa me tom hã la, àxɔm ɖe agbe.+ Àdo wò asi ɖa ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu;Eye wò nuɖusi axɔ nam.  8  Yehowa awɔ nuwo katã ade goe nam. Oo Yehowa, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee;+Mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Maƒo ha na wò atsɔ atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu.”
Alo, “wò kɔkɔeƒe la.”
Agate ŋu afia, “èna wò nya gbɔ wò ŋkɔ blibo la ŋu.”
Alo, “Ède dzi ƒo na nye luʋɔ.”