Psalmowo 101:1-8

  • Fia awɔ nu le dzɔdzɔenyenye me

    • ‘Nyemade ha kple dadalawo o’ (5)

    • ‘Nye ŋkuwo anɔ nuteƒewɔla ŋu’ (6)

David ƒe ha. Hadzidzi. 101  Madzi ha le wò lɔlɔ̃ vavã kple wò ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu. Oo Yehowa, wòe madzi kafukafuha* na.   Madze aɖaŋu ahazɔ le fɔmaɖimaɖi me. Ɣekaɣi nàtrɔ ɖe ŋunye? Mazɔ le aƒenye me kple dzi+ si ŋu fɔɖiɖi mele o.   Nyematsɔ nu maɖevi* aɖeke aɖo ŋkunyeme o. Melé fu ame siwo tra tso mɔ dzɔdzɔe dzi la ƒe nuwɔnawo;+Kadodo aɖeke mele nye kpli wo dome o.*   Dzi matomɔɖekɛ aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye kura o;Nyemada asi ɖe nu tovo aɖeke dzi kura o.*   Ame sia ame si gblẽa ehavi ŋu le adzame la,+Mana ɖoɖoe nazi le enu.* Ame sia ame si si dadaŋkuwo le, eye wòdana le dzi me la,Nyemade ha kplii o.   Nye ŋkuwo anɔ nuteƒewɔla siwo le anyigba dzi ŋu,Ne woanɔ gbɔnye. Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o lae* asubɔm.   Alakpanuwɔla aɖeke manɔ aƒenye me o,Eye aʋatsokala aɖeke matsi tre ɖe ŋkunyeme o.   Ŋdi sia ŋdi la, mana ɖoɖoe nazi le ame vɔ̃ɖi siwo katã le anyigba dzi la nu,Ne maɖe nu vɔ̃ wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “wòe maƒo ha.”
Alo, “nu tovo.”
Alo, “Woƒe nuwɔnawo melé ɖe ŋunye o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nyemanya nu si nye nu tovo o.”
Alo, “Mana wo nu nayi.”
Alo, “Ame si wɔa nuteƒe lae.”