Psalmowo 12:1-8

  • Yehowa atso azɔ

    • Mawu ƒe nyawo dza (6)

Na henɔ la; ɖe Seminit* ƒe gbeɖiɖi nu. David ƒe ha. 12  Oo Yehowa, xɔ nam, elabena nuteƒewɔla aɖeke megali o;Anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome.   Wodaa alakpa na wo nɔewo;Wotsɔa woƒe nu blea ame,* eye alakpadzi* mee woƒe nyawo tsona.+   Yehowa aɖe numevivitɔwo katã ɖa,Kple aɖe siwo gblɔa nya gã nya gãwo,+   Ame siwo gblɔna be: “Míaƒe aɖe ana míaɖu dzi. Míetsɔa míaƒe nu gblɔa nya si dze mía ŋu;Ame kae aɖu aƒetɔ ɖe mía dzi?”+   Yehowa be: “Esi wole nublanuitɔwo tem ɖe to,Eye ame dahewo le hũ ɖem ta la,+Matso azɔ. Maxɔ na wo tso ame siwo doa vlo wo* la si me.”   Yehowa ƒe nyawo dza;+Wole abe klosalo si wolólo le kpo* me, si ŋu wodza zi gbɔ zi adre la ene.   Oo Yehowa, wòe adzɔ wo ŋu;+Wòe akpɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ta tso dzidzime sia si me tegbee.   Ame vɔ̃ɖiwo le tsatsam faa le afi sia afiLe esi amegbetɔviwo doa nu ɖigbɔ wɔwɔ ɖe ŋgɔ ta.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wovivia nu me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzi eve.”
Alo, “ame siwo ɖoa ƒuƒu ɖe wo yome.”
Agate ŋu afia, “galólokpo.”