Psalmowo 87:1-7

  • Zion, Mawu vavã la ƒe du

    • Ame siwo wodzi le Zion (4-6)

Kora viwo ƒe ha.+ Hadzidzi. 87  Mawu ɖo eƒe du la gɔme anyi ɖe to kɔkɔewo dzi.+  2  Yehowa lɔ̃a Zion ƒe agbowo+Wu Yakob ƒe agbadɔwo katã.  3  Oo, Mawu vavã la ƒe du, wole nu nyui geɖewo gblɔm tso ŋuwò.+ (Sela)  4  Mabu Rahab*+ kple Babilon ade ame siwo dze sim la dome;Kpɔ ɖa, Filistia kple Tiro kpakple Kus hãe nye esi. Woagblɔ le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be: “Afi mae wodzi ame sia le.”  5  Eye woagblɔ le Zion ŋu be: “Eya mee wodzi wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo.” Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ ali kee sesĩe.  6  Ne Yehowa le dukɔ la dem agbalẽ me la, agblɔ le wo ŋu be: “Afi mae wodzi ame sia le.” (Sela)  7  Hadzilawo+ kple ame siwo do to le ɣe ɖum+ la hã agblɔ be: “Mewòe nye tsidzɔƒewo katã le.”*+

Etenuŋɔŋlɔ

Anye Egipte ye wowɔnɛ le afi sia.
Alo, “Le gonyeme la, mewòe nuwo katã dzɔ tso.”