Psalmowo 45:1-17
Na henɔ la; ɖe “Dzogbenyawo” ƒe gbe nu. Kora viwo+ ƒe ha. Maskil.* Lɔlɔ̃ha.
45 Nya nyui aɖe le fiefiẽm le nye dzi me wlɔwlɔwlɔ.
Mebe: “Fia aɖe ŋue nye ha* la ku ɖo.”+
Nye aɖe nenɔ abe nugbugbɔŋlɔla+ bibi ƒe nuŋlɔti+ ene.
2 Wòe dze ɖeka wu le amegbetɔviwo dome.
Nya dzetoe dona le nu me na wò.+
Esia tae Mawu yra wò tegbee ɖo.+
3 Oo ŋusẽtɔ,+ ta wò yi,+Le wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo me.+
4 Nɔ wo atsyɔ̃ɖoɖo me nàho ayi aɖaɖu dzi;+Ho yi le nyateƒe kple ɖokuibɔbɔ kpakple dzɔdzɔenyenye+ ta,Eye wò nuɖusi awɔ nu dziŋɔwo.*
5 Wò aŋutrɔwo le ɖaɖam, wona dukɔwo le anyi dzem le ŋgɔwò;+Woƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me floi.+
6 Mawue nye wò fiazikpui ɖaa tegbee;+Wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe fiatikplɔ.*+
7 Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ,+ eye nèlé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ.+
Esia tae Mawu, wò Mawu, si+ dzidzɔmi+ na wò wu hawòtiwo.
8 Mire, aloe kple kasia ƒe ʋeʋẽ lilili le wò awuwo katã me;Kasaŋkuƒoƒo do dzidzɔ na wò le nyiɖufiasã gã la me.
9 Fia vinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome.
Fia srɔ̃* le Ofir+ sikanuwo me tɔ ɖe wò ɖusime.
10 Oo vinyɔnu, ɖo to nàsee, eye nàƒu to anyi;Eye wò ŋku nedzo le wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la dzi.
11 Wò tugbedzedze alé dzi na fia la,Elabena eyae nye wò aƒetɔ,Eya ta bɔbɔ nɛ.
12 Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ;Eye kesinɔtɔ gãwo adi amenuveve tso gbɔwò.*
13 Fia vinyɔnu si le fiasã* la me la, nye atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ.Sika ye wotsɔ do atsyã na* eƒe awuwo.
14 Woakplɔe ava fia la gbɔ le atsyɔ̃ɖowu dzeani me.*
Woakplɔ exɔlɔ̃ ɖetugbui leaƒe siwo le eyome la ava gbɔwò.
15 Woatsɔ dzidzɔ kple aseyetsotso akplɔ wo vɛ;Woage ɖe fiasã la me.
16 Viwòŋutsuwo anɔ tɔgbuiwòwo teƒe.
Àtsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.+
17 Mana woanya wò ŋkɔ le dzidzime siwo katã ava va la me.+
Esia tae dukɔwo akafu wò ɖaa tegbee.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye nyawo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye wò nuɖusi afia nu dziŋɔwo wɔwɔ wò.”
^ Alo, “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe fiatikplɔ.”
^ Alo, “Fianyɔnu.”
^ Alo, “adi be nàkɔ mo ɖe yewo.”
^ Alo, “aƒe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wotsɔ sika ɖo to na.”
^ Agate ŋu afia, “le awu ʋlaya si me wolɔ̃ nu ɖo me.”