Psalmowo 56:1-13
Na henɔ la; woadzii ɖe “Ahɔnɛ Si Zi Ðoɖoe Si Le Didiƒe Ke” ƒe gbe nu. David ƒe ha. Miktam.* Esime Filistitɔwo lée le Gat.+
56 Oo Mawu, ve nunye, elabena amegbetɔ tso* ɖe ŋunye.
Woxaxam ɖo hele avu wɔm kplim ŋkeke bliboa.
2 Nye futɔwo klẽ aɖu ɖe ŋunye ŋkeke bliboa;Ame siwo tsɔ dada le avu wɔm kplim la sɔ gbɔ.
3 Ne vɔvɔ̃ ɖom la,+ meɖoa dzi ɖe ŋuwò.+
4 Mawu—ame si ƒe nya mekafuna—Mawu ŋue meɖoa dzi ɖo; nyemavɔ̃ o.
Nu kae amegbetɔ* ate ŋu awɔm?+
5 Wogblẽa nu me nam ŋkeke bliboa;Woƒe susu koe nye be yewoagblẽ nu le ŋunye.+
6 Wode xa ɖi be yewoadze dzinye;Woƒe ŋku le nye afɔɖeɖewo ŋu,+Wole didim be yewoaɖe nye agbe* ɖa.+
7 Gbe wo le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
Oo Mawu, xlã dukɔwo ɖe anyi le wò dziku me.+
8 Èŋlɔ nye tsaglãlatsatsawo ɖi.+
Kɔ nye aɖatsiwo ɖe wò lãgbalẽgolo me.+
Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?+
9 Nye futɔwo agbugbɔ ɖe megbe le gbe si gbe mayɔ wò.+
Meka ɖe edzi be: Mawu le dzinye.+
10 Mawu—ame si ƒe nya mekafuna—Yehowa—ame si ƒe nya mekafuna—
11 Mawu ŋue meɖoa dzi ɖo; nyemavɔ̃ o.+
Nu kae amegbetɔ gbɔlo ate ŋu awɔm?+
12 Oo Mawu, meɖe adzɔgbe na wò, si dzi wòle be mawɔ ɖo;+Masa akpedavɔwo na wò.+
13 Elabena èɖem* tso ku me+Eye mèna nye afɔ kli nu o,+Ne mayi edzi azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe kekeli me.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “klẽ aɖu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “èɖe nye luʋɔ.”