Psalmowo 36:1-12

  • Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la xɔ asi

    • Ame vɔ̃ɖi mevɔ̃a Mawu o (1)

    • Mawu nye agbedzɔƒe (9)

    • “Wò kekeli mee míele kekeli kpɔm le” (9)

Na henɔ la. Yehowa subɔla David ƒe ha. 36  Ame vɔ̃ɖi ƒe dzidada ƒoa nu nɛ le eƒe dzi me ke;Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele mo nɛ o.+  2  Elabena eya ŋutɔ kafua eɖokui ale gbegbe be,Metea ŋu kpɔa eƒe vodada dzea sii, ne wòatsrii o.+  3  Vɔ̃ɖinyenye kple beble yɔ nu me nɛ fũu;Nunya si hiã wòatsɔ awɔ nu nyui la mele esi o.  4  Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi. Mɔ vɔ̃ dzi koe wònɔna;Eye megbea nu le vɔ̃ gbɔ o.  5  Oo Yehowa, wò amenuveve kɔ yi ɖatɔ dziƒo ke,+Wò nuteƒewɔwɔ de dzi ɖo alilikpowo me ke.  6  Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gã nyadriwo ene;*+Wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le abe tɔ goglowo ene.+ Oo Yehowa, èxɔna na amegbetɔwo kple lãwo siaa.+  7  Oo Mawu, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la xɔ asi loo!+ Wò aʋalawo ƒe vɔvɔli tee amegbetɔviwo dia sitsoƒe le.+  8  Wono wò aƒemenu+ nyuitɔwo* wòɖi kɔ na wo,Eye nèna wono wò dzidzɔtɔsisiwo.+  9  Gbɔwòe agbedzɔƒe le;+Wò kekeli mee míele kekeli kpɔm le.+ 10  Na wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la nanɔ kple ame siwo nya wò,+Eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia dzi dzɔdzɔe tɔwo.+ 11  Mègana dadalawo ƒe afɔ nafanyam looAlo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam de gbe o. 12  Nu vɔ̃ɖi wɔlawoe nye ema ɖo baba le afi ma;Wotutu wo ƒu anyi, eye fɔfɔ megale wo ŋu o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “abe Mawu ƒe towo ene.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “damiwo.”