Psalmowo 42:1-11

  • Kafu Mawu Ðela Gã la

    • Mawu ŋuti tsikɔ le wuyem abe zinɔ ene (1, 2)

    • “Nu ka tae mɔkpɔkpɔ bu ɖem?” (5,11)

    • “Kpɔ Mawu sinu” (5,11)

Na henɔ la. Maskil* na Kora viwo.+ 42  Ale si tɔʋu me tsi dzroa zinɔ vevie la,Nenemae nèle dzroyem* vevie, Oo Mawu.  2  Mawu, ɛ̃, Mawu gbagbe la ŋuti tsikɔ le wuyem* vevie.+ Ɣekaɣi mado ɖe Mawu ŋkume?+  3  Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli;Wole alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la be: “Afi ka gɔ̃ wò Mawu la le?”+  4  Meɖo ŋku nu siawo dzi, eye metrɔ nye luʋɔ* kɔ ɖi,Elabena nye kple amehawoe yina tsã;Menɔa wo ŋgɔ míezɔna* yia Mawu ƒe aƒe la me,Esime aseyetsotso kple akpedada dea dzi kɔtɔɔ,Le ŋkekenyuiɖulawo ƒe ha la dome.+  5  Nu ka tae mɔkpɔkpɔ bu ɖem?*+ Nu ka ŋuti metsi dzodzodzoe le ɖokuinye me alea? Makpɔ Mawu sinu,+Elabena magakafu eya si nye nye Xɔnametɔ Gã+ la ake.  6  Nye Mawu, mɔkpɔkpɔ bu ɖem.*+ Esia tae meɖoa ŋku dziwò,+Le Yordan-nyigba dzi kple Hermon Towo tame,Le Mizar To la dzi.*  7  Ne wò tsitsetsewo le kɔkɔm ɖi bababa la,Tɔ goglo yɔa tɔ goglo. Wò tsitsotsoe gãwo ŋe ɖe dzinye.+  8  Yehowa ave nunye le ŋkeke me,Eƒe ha anɔ nunye le zã me, wòanye gbedodoɖa na Mawu si na agbem.+  9  Magblɔ na Mawu, nye agakpe be: “Nu ka tae nèŋlɔm be?+ Nu ka tae malé blanui anɔ yiyim le nye futɔ la ƒe teteɖeanyi ta?”+ 10  Nye futɔwo tsɔ fuléle kaɖikaɖi le alɔme ɖem le ŋunye;*Wole alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la be: “Afi ka gɔ̃ wò Mawu la le?”+ 11  Nu ka tae mɔkpɔkpɔ bu ɖem?* Nu ka ŋuti metsi dzodzodzoe le ɖokuinye* me alea? Makpɔ Mawu sinu,+Elabena magakafu eya si nye nye Xɔnametɔ Gã kple nye Mawu la ake.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nèle luʋɔnye dzrom.”
Alo, “le nye luʋɔ wum.”
Alo, “míezɔna blewu.”
Alo, “bu ɖe nye luʋɔ.”
Alo, “bu ɖe nye luʋɔ.”
Alo, “to sue la dzi.”
Agate ŋu afia, “Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye abe ɖe wole nye ƒuwo tom nyanyanya ene.”
Alo, “bu ɖe nye luʋɔ.”
Alo, “nye luʋɔ.”