Psalmowo 123:1-4

  • Yehowa sinu kpɔkpɔ hena amenuveve

    • ‘Abe dɔlawo ene la, míele Yehowa sinu kpɔm’ (2)

    • “Wodo vlo mí ʋuu wòglo mí” (3)

Todzimɔ dzi Hadzidzi. 123  Wòe mewu mo dzi na,+Wò, ame si bɔbɔ nɔ fiazi dzi le dziƒo.   Ale si dɔlaŋutsuwo kpɔa woƒe aƒetɔ sinu,Eye dɔlanyɔnu kpɔa eƒe aƒenɔ sinui la,Nenemae míele Yehowa, mía Mawu la sinu kpɔmee,+Va se ɖe esime wòave mía nu.+   Ve mía nu, Oo Yehowa, ve mía nu,Elabena wodo vlo mí ʋuu wòglo mí.+   Ðokuiŋudzelawo ɖe alɔme le mía ŋu ʋuu wòglo,*Eye dadalawo ƒe vlodoame sɔ gbɔ ŋutɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ɖe alɔme le mía ŋu wòwu tsɔtsɔ na míaƒe luʋɔwo.”