Psalmowo 55:1-23

  • Gbedodoɖa ne xɔ̃wò de wò asi

    • Vlododo si tso xɔlɔ̃ vevi gbɔ (12-14)

    • “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi” (22)

Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Maskil.* David ƒe ha. 55  Oo Mawu, se nye gbedodoɖa;+Eye mègado toku nye kokoƒoƒo be nàkpɔ nublanui nam o.*+  2  Lé to ɖe ŋunye, eye nàtɔ nam.+ Mede vovo ge do kpoe le nye dzimaɖitsitsiwo ta;+Ðeko nye ame bliboa metɔtɔ  3  Le nya siwo gblɔm futɔ la le,Kple ame vɔ̃ɖi la ƒe amemiamia ta. Elabena wolɔ fukpekpe kɔ ɖe dzinye,Eye wodo dziku helém ɖe dɔme.+  4  Nye dzi le veve sem vevie le menye,+Eye ku ƒe ŋɔdzi lém.+  5  Vɔvɔ̃ ɖom, mele dzodzom nyanyanya,Eye mele ƒoƒom kpakpakpa.  6  Megblɔna ɖaa be: “Ne ɖe aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene ɖe! Anye ne madzo ayi aɖanɔ afi si le dedie.*  7  Kpɔ ɖa! Anye ne masi ayi didiƒe ʋĩi.+ Anye ne mayi aɖanɔ gbedzi.+ (Sela)  8  Mawɔ kaba asi ayi bebeƒe,Masi le ya ʋuduʋudu la nu, le ahom sesẽ la nu.”  9  Oo Yehowa, na woatɔtɔ, gblẽ woƒe ɖoɖowo me,*+Elabena mele ŋutasesẽ kple dzrewɔwɔ teƒe kpɔm le dua me. 10  Wozɔa dua ƒe gliwo dzi kpe ɖo zã kple keli;Ke nu vevi wɔame kple fuɖename le eme.+ 11  Gbegblẽ xɔ aƒe ɖe eme;Eye ameteteɖeanyi kple amebeble megbea eƒe ablɔwo me nɔnɔ o.+ 12  Ðe wònye futɔ aɖee le vlo domem la,+Anye ne mado dzi atsɔe. Ðe wònye nye ketɔe tso ɖe ŋunye la,Anye ne masi le egbɔ aɖabe. 13  Gake wò, ame si le abe nye ke ene,*+Nye ŋutɔ xɔ̃nye si menya nyuie lae.+ 14  Tsi metoa nye kplii dome tsã o;Míenɔa amehawo dome yia Mawu ƒe aƒe la me. 15  Tsɔtsrɔ̃ neva wo dzi!+ Woneyi Tsiẽ* agbagbee;Elabena vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖe wo dome, eye wòle dzi me na wo. 16  Ke nye la, Mawue mayɔ;Eye Yehowae axɔ nam.+ 17  Nu tena ɖe dzinye eye meɖea hũ* le fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ,+Eye wòsea nye gbe.+ 18  Aɖem eye wòana makpɔ* gbɔdzɔe tso ame siwo le avu wɔm kplim la si me,Elabena ame geɖewoe tso ɖe ŋunye.+ 19  Mawu asee, eye wòatu nu kpli wo,+Eya ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi tso blemablema ke.+ (Sela) Woawo la, wogbe tɔtrɔ,Wo, ame siwo mevɔ̃a Mawu o.+ 20  Etso* ɖe ame siwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti;+Eye wòtu eƒe nubabla la.+ 21  Eƒe numenyawo zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu notsi kpekẽ,+Evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me. Eƒe nyawo le bɔlɔbɔlɔ wu ami,Ke yi siwo woɖe ɖe goe wonye.+ 22  Dro wò agba ɖe Yehowa dzi,+Ekema alé wò ɖe te.+ Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi* akpɔ o.+ 23  Ke wò la, Oo Mawu, àtsɔ wo aƒu gbe ɖe do ƒe gogloƒe ke.+ Hlɔ̃dolawo kple nu fitifiti wɔlawo manɔ woƒe agbeŋkekewo ƒe afã o.+ Ke nye ya maɖo dzi ɖe ŋuwò.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Mègaɣla ɖokuiwò ne medo gbe ɖa be nàkpe ɖe ŋunye o.”
Alo, “aɖatsi teƒe aɖe si le dedie.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tɔtɔ woƒe nyawo.”
Alo, “hanyeti.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “metsia dzodzodzoe.”
Alo, “nye luʋɔ nakpɔ.”
Xɔlɔ̃ xoxo si ŋu nya wogblɔ le kpukpui 13 kple 14 lia me lae wowɔnɛ.
Alo, “naʋã; naʋuʋu.”