Psalmowo 51:1-19

  • Dzimetrɔla ƒe gbedodoɖa

    • Nu vɔ̃ mee danye fɔ nye fu ɖo (5)

    • “Klɔ ŋunye tso nye nu vɔ̃ me” (7)

    • “Wɔ dzi dzadzɛ ɖe menye” (10)

    • Mawu mado vlo dzi si gbã hetugu la o (17)

Na henɔ la. David ƒe ha, esime wòdɔ kple Bat-Seba+ eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ. 51  Oo Mawu, ve nunye le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta.+ Tutu nye dzidadawo ɖa le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la ta.+  2  Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me,+Eye nàklɔ ŋunye tso nye nu vɔ̃ me.+  3  Elabena nye dzidadawo la, medze si wo keŋ,Eye nye nu vɔ̃ le ŋkunyeme ɖaa.*+  4  Ŋuwòe mewɔ nu vɔ̃ ɖo—wò koŋ ŋue mewɔe ɖo,*+Nu si nye vɔ̃ le ŋkuwòmee mewɔ.+ Le esia ta ne èƒo nu la, tɔwò adzɔ,Eye ne ètso afia la, enɔa eteƒe.+  5  Kpɔ ɖa! Vodada mee wodzim ɖo,Eye nu vɔ̃ mee danye fɔ nye fu ɖo.*+  6  Kpɔ ɖa! Nyateƒetoto si tso dzi me kee nèdina;+Fia num ne madze nunya le ememe ke.  7  Tsɔ isop gbe klɔ ŋunye tso nye nu vɔ̃ me, ne ŋunye nadza;+Le tsi nam ne mafu tititi wu sno.+  8  Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso ŋkɔ,Ne nye ƒu siwo nègbã gudugudu la nagli kple dzidzɔ.+  9  Ðe ŋku ɖa le nye nu vɔ̃wo ŋu,*+Eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.+ 10  Oo Mawu, wɔ dzi dzadzɛ ɖe menye,+Eye nàde gbɔgbɔ yeye+ si li ke la menye. 11  Mègatsɔm ƒu gbe le ŋkuwòme o;Eye mègaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la hã le asinye o. 12  Gbugbɔ wò xɔname ƒe dzidzɔ de menye;+Eye nànyɔ wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe menye.* 13  Mafia wò mɔwo dzidalawo,+Ne nu vɔ̃ wɔlawo natrɔ ava gbɔwò. 14  Oo Mawu, Mawu, nye xɔnametɔ,+ ɖem tso ʋufɔɖiɖi+ me,Ne nye aɖe naɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye kple dzidzɔ.+ 15  Oo Yehowa, ʋu nu nam,Ne nye nu naɖe gbeƒã wò kafukafu.+ 16  Elabena menye vɔsae dzea ŋuwò o, anye ne masa vɔ na wò;+Menye numevɔsae dzea ŋuwò o.+ 17  Vɔsa siwo dzea Mawu ŋue nye gbɔgbɔ si gbã;Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.+ 18  Wɔ nyui na Zion le wò ŋudzedzekpɔkpɔ la nu;Ðo Yerusalem ƒe gliwo. 19  Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo,Numevɔsawo kple vɔsa blibowo adze ŋuwò;Ekema woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui la dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nɔa susu me nam ɖaa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wò ɖeka hɔ̃ ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo.”
Alo, “Eye menye nu vɔ̃ me tso esime danye fɔ nye fu.”
Alo, “Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Tsɔ wò gbɔgbɔ do ŋusẽm ne maɖo to wò tso dzi me.”