Psalmowo 98:1-9

  • Yehowa, Ðela kple Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe

    • Yehowa ɖe eƒe xɔname fia (2, 3)

Hadzidzi. 98  Midzi ha yeye na Yehowa,+Elabena ewɔ nu dzɔtsuwo.+ Etsɔ eƒe nuɖusi, eƒe alɔ kɔkɔe la, wɔ xɔnamedɔwo.*+  2  Yehowa ɖe eƒe xɔname fia;+Eɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fia le dukɔwo ŋkume.+  3  Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ na Israel ƒe aƒe la dzi.+ Anyigba ƒe mlɔenuwo katã kpɔ mía Mawu ƒe xɔname.*+  4  Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa. Mikpɔ dzidzɔ, mitso aseye, eye midzi kafukafuhawo.*+  5  Midzi kafukafuhawo na Yehowa ɖe saŋku dzi,Mitsɔ saŋku kple ha viviwo kafui.  6  Miku kpẽwo kple lãdzowo,+Ne miado dzidzɔɣli le Fia Yehowa ŋkume.  7  Atsiaƒu kple emenuwo neɖe gbe,Anyigba kple edzinɔlawo katã hã.  8  Tɔsisiwo nesi akpe;Towo katã netso aseye yoo+  9  Le Yehowa ŋkume, elabena egbɔna* be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo le dzɔdzɔenyenye me,+Kple dukɔwo katã ɖe eteƒe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ eƒe alɔ kɔkɔe la, na wòɖu dzi.”
Alo, “mía Mawu ƒe aʋadziɖuɖu.”
Alo, “eye miƒo ha.”
Alo, “eva.”