Psalmowo 4:1-8
Na henɔ la; woadzii ɖe kasaŋkuwo dzi. David ƒe ha.
4 Oo, nye Mawu dzɔdzɔe, ne meyɔ wò la, tɔ nam.+
Ne meɖo xaxa me la, ʋu mɔ* nam ne mado le eme.
Ve nunye, eye nàse nye gbedodoɖa.
2 Mi amegbetɔviwo, va se ɖe ɣekaɣie miado vlo nye bubu?
Va se ɖe ɣekaɣie mialɔ̃ yakanuwo ahanɔ alakpanuwo yome? (Sela)
3 Minyae be Yehowa awɔ nu ɖe ame si wɔa nuteƒe nɛ la ŋu etɔxɛe;*Yehowa asee ne meyɔe.
4 Mido dziku, ke migawɔ nu vɔ̃ o.+
Migblɔ miaƒe nya le dzi me le miaƒe aba dzi, eye mizi kpi kpoo. (Sela)
5 Misa dzɔdzɔenyenyevɔwo,Eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.+
6 Ame geɖewo le gbɔgblɔm be: “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?”
Oo Yehowa, na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi.+
7 Wòe na nye dzi kpɔ dzidzɔ geɖeWu dzidzɔ si amewo kpɔna ne agblemenuku kple wain bɔ ɖe wo si.
8 Mamlɔ anyi adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me,+Elabena Oo, Yehowa, wò koe nana menɔa dedie.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋu mɔ gbadzaa.”
^ Alo, “Yehowa na ame si wɔa nuteƒe nɛ la ɖe dzesi; Yehowa ɖe ame si wɔa nuteƒe nɛ la ɖe vovo na eɖokui.”