Psalmowo 47:1-9
Na henɔ la. Kora viwo+ ƒe ha.
47 Mi dukɔwo katã, misi akpe.
Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.
2 Elabena ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu;+Fia gã wònye ɖe anyigba blibo la katã dzi.+
3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te;Etsɔ anyigbadzidukɔwo de míaƒe afɔ te.+
4 Etia míaƒe domenyinu na mí,+Si nye Yakob, ame si wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu.+ (Sela)
5 Mawu lia yi dzi kple aseyetsotso;Yehowa yi dzi kple kpẽwo ƒe ɖiɖi.
6 Midzi kafukafuha* na Mawu, midzi kafukafuha.
Midzi kafukafuha na míaƒe Fia la, midzi kafukafuha.
7 Elabena Mawue nye anyigba blibo la ƒe Fia;+Midzi kafukafuha, eye midze nunya.
8 Mawu zu Fia ɖe dukɔwo dzi.+
Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.
9 Dukɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒuKple Abraham ƒe Mawu ƒe dukɔ la.
Elabena anyigba la dzi ɖulawo* nye Mawu tɔ.
Eɖo kpo ŋutɔ.+