Psalmowo 150:1-6

  • Nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la nekafu Yah

    • Haleluyah! (1, 6)

150  Mikafu Yah!*+ Mikafu Mawu le eƒe kɔkɔeƒe la.+ Mikafui le alili si wòtsɔ eƒe ŋusẽ wɔ* la me.+   Mikafui ɖe eƒe dɔ klitsuwo ta.+ Mikafui, elabena eƒe gãnyenye ƒo ɖe sia ɖe ta.+   Miku lãdzo miatsɔ akafui.+ Mitsɔ kasaŋku kple saŋku kafui.+   Mitsɔ axatsɛ,+ eye miado to aɖu ɣe akafui. Mitsɔ kasaŋkuwo+ kple dze+ kafui.   Mitsɔ ayawagba siwo ƒe gbe me kɔ kafui. Mitsɔ ayawagba siwo ɖina sesĩe kafui.+   Nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la nekafu Yah. Mikafu Yah!*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “alili si ɖia ɖase le eƒe ŋusẽ ŋu.”
Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.