Psalmowo 119:1-176
-
Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nya xɔasi la ŋu
-
“Aleke ɖekakpui ana eƒe mɔwo nadza?” (9)
-
“Mekpɔa dzidzɔ ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu vevie” (24)
-
“Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o!” (97)
-
“Gɔmesese deto su asinye wu nye nufialawo katã” (99)
-
“Wò nya nye akaɖi na nye afɔ” (105)
-
“Wò nyawo katã nye nyateƒe” (160)
-
Ame siwo lɔ̃a Mawu ƒe se la kpɔa ŋutifafa (165)
-
א [Alef]
119 Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,*Ame siwo nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe se la nu.+
2 Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa eƒe ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi,+Ame siwo dinɛ tso dzi blibo me.+
3 Womewɔa nu madzɔmadzɔ aɖeke o;Wozɔa eƒe mɔwo dzi.+
4 Wòe de seBe woalé wò ɖoɖowo me ɖe asi pɛpɛpɛ.+
5 Ne ɖe manɔ te sesĩe,*+Ne malé wò ɖoɖowo me ɖe asi ɖe!
6 Ekema ŋu makpem o+Nenye be melé ŋku ɖe wò sewo katã ŋu nyuie.
7 Matsɔ dzi dzɔdzɔe akafu wòNe mesrɔ̃ wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo dzɔdzɔewo.
8 Malé wò ɖoɖowo me ɖe asi.
Oo, mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o.
ב [Bet]
9 Aleke ɖekakpui ana eƒe mɔwo nadza?
Ne ekpɔ eɖokui dzi hezɔ ɖe wò nya la nu.+
10 Medi wò tso dzi blibo me.
Mègana matra tso wò sededewo gbɔ o.+
11 Medzra wò nyawo ɖo ɖe nye dzi me+Ne magawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.+
12 Oo Yehowa, woakafu wò;Fia wò ɖoɖowom.
13 Metsɔ nye nuyiwo ɖe gbeƒãƲɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo katã do tso wò nu me.
14 Mekpɔa dzidzɔ ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu+Wu kesinɔnu bubu ɖe sia ɖe.+
15 Made ŋugble le* wò sededewo ŋu+Eye malé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu.+
16 Mekpɔa dzidzɔ ɖe wò sewo ŋu vevie.
Nyemaŋlɔ wò nya la be o.+
ג [Gimel]
17 Wɔ nyui na wò subɔla,Ne manɔ agbe ahalé wò nya la me ɖe asi.+
18 Ʋu nye ŋkuwo, ne makpɔNu wɔnuku siwo le wò sea me la nyuie.
19 Amedzro ko menye le anyigba la dzi.+
Mègaɣla wò sededewo ɖem o.
20 Edzroam* vevieBe madi wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo ɣeawokatãɣi.
21 Èka mo na ɖokuiŋudzelawo,Fiƒodeme siwo tra tso wò sededewo gbɔ.+
22 Ðe* ŋukpe kple vlododo ɖa le ŋunye,Elabena melé wò ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi.
23 Ne amegãwo kpe ta hele nu ƒom le ŋunye hã,Wò subɔla ya dea ŋugble le* wò ɖoɖowo ŋu.
24 Mekpɔa dzidzɔ ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu vevie;+Woawoe nye nye aɖaŋuɖolawo.+
ד [Dalet]
25 Nyee nye esi* ɖo baba ɖe anyigba.+
Xɔm ɖe agbe le wò nya la nu.+
26 Meƒo nu tso nye zɔzɔme ŋu, eye nèɖo tom;Fia wò ɖoɖowom.+
27 Na mase wò sededewo gɔme,Ne made ŋugble le* wò nukudɔwo ŋu.+
28 Nuxaxa na mede* alɔ̃ dɔ ge do kpoe.
Do ŋusẽm le wò nya la nu.
29 Te aʋatsomɔ ɖa kura tso gbɔnye,+Eye to wò se la dzi nàve nunye.
30 Metia nyateƒemɔ la.+
Mekpɔe dze sii be wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo sɔ ŋutɔ.
31 Meku ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu goŋgoŋ.+
Oo Yehowa, mègana ŋu nakpem o.+
32 Manɔ wò sewo yome vevie*Elabena èna wòkpɔ nɔƒe le nye dzi me.*
ה [He]
33 Oo Yehowa,+ fia wò ɖoɖowo ƒe mɔm,Ne mazɔ edzi va se ɖe nuwuwu.+
34 Na gɔmesesem,Ne malé wò se la me ɖe asi,Eye mawɔ edzi tso dzi blibo me.
35 Kplɔm to wò sededewo ƒe mɔ dzi,+Elabena eƒe nu nyoa ŋunye.
36 Bi nye dzi ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu,Ke menye ɖe ɖokuitɔdidi* ŋu o.+
37 Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu;+Xɔm ɖe agbe le wò mɔwo dzi.
38 Wɔ wò ŋugbedodo dzi* na wò subɔla,Ale be woavɔ̃ wò.*
39 Ðe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa,Elabena wò afiatsotsowo nyo.+
40 Kpɔ ale si wò sededewo le dzroyem vevie ɖa!
Xɔm ɖe agbe le wò dzɔdzɔenyenye nu.
ו [Waw]
41 Oo Yehowa, wò amenuveve neɖo gbɔnye,+Wò xɔname hã, le wò ŋugbedodo* la nu;+
42 Ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si le vlo domem,Elabena wò nyawo ŋue meɖo ŋu ɖo.
43 Mègaɖe nyateƒenya la ɖa le nunye keŋkeŋ o,Elabena wò afiatsotso sinu kpɔm mele.
44 Malé wò se la me ɖe asi ɣesiaɣi,Ðaa tegbee.+
45 Mazɔ le afi si le dedie,*+Elabena medi wò sededewo yome mɔ.
46 Maƒo nu le wò ŋkuɖodzinyawo ŋu le fiawo ŋkume,Eye ŋu makpem o.+
47 Melɔ̃ wò sededewo vevie,Ɛ̃, melɔ̃ wo.+
48 Mado nye abɔwo ɖe dzi, ɖe wò sedede siwo melɔ̃ la ŋu,+Eye made ŋugble le* wò ɖoɖowo ŋu.+
ז [Zayin]
49 Ðo ŋku nya si nègblɔ* na wò subɔla la dzi,Esi ŋu nèna mele ŋu ɖom ɖo la.*
50 Esiae metsɔ faa akɔ na ɖokuinye le xaxawo me,+Elabena wò nyawo xɔm ɖe agbe.
51 Dadalawo ɖea alɔme le ŋunye vevie,Ke hã, nyemete ɖe aga le wò se la ŋu o.+
52 Oo Yehowa, meɖoa ŋku wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo li tso blema ke la dzi,+Eye mekpɔa akɔfafa le wo me.+
53 Dzi kuam vevie le ame vɔ̃ɖiSiwo gblẽ wò sea ɖi la ŋuti.+
54 Wò ɖoɖowo zu ha medzinaLe afi sia afi si mele.*
55 Oo Yehowa, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi le zã me,+Ne malé wò se la me ɖe asi.
56 Aleae mewɔna,Elabena melé wò sededewo me ɖe asi.
ח [Het]
57 Yehowae nye nye gome;+Medo ŋugbe be mawɔ wò nyawo dzi.+
58 Mele koko ƒom na wò tso dzi blibo me;+Ve nunye+ le wò ŋugbedodo* la nu.
59 Melé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu,Ale be nye afɔ natrɔ ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu.+
60 Mewɔ kaba, nyemehe ɖe megbe o,Be malé wò sededewo me ɖe asi.+
61 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo ɖe to ɖem,Ke hã nyemeŋlɔ wò se la be o.+
62 Mefɔna le zãtiƒe be mada akpe na wò+Ðe wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta.
63 Xɔlɔ̃ menye na ame siwo katã vɔ̃a wòKple ame siwo léa wò sededewo me ɖe asi.+
64 Oo Yehowa, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la xɔ anyigba la dzi keŋ;+Fia wò ɖoɖowom.
ט [Tet]
65 Èwɔ nyui geɖe na wò subɔla la,Oo Yehowa, èwɔe le wò nya la nu.
66 Fia susuŋudɔwɔwɔ nyui kple nunyam,+Elabe wò sededewo ŋue meɖoa dzi ɖo.
67 Hafi mava ge ɖe fukpekpe me la, metra mɔ enuenu,*Ke azɔ la, melé wò nyawo me ɖe asi.+
68 Ènyo ale gbegbe,+ eye wò dɔwɔwɔwo hã nyo loo!
Fia wò ɖoɖowom.+
69 Dadalawo sisi alakpa ɖe ŋunye blibaa,Ke nye la, melé wò sededewo me ɖe asi tso dzi blibo me.
70 Woƒe dzi ku atri,*+Ke nye la, melɔ̃ wò se la vevie.+
71 Enyo be mekpe fu,+Ale be mate ŋu asrɔ̃ nu tso wò ɖoɖowo ŋu.
72 Se siwo nèɖe gblɔ la nyo nam loo!+Wonyo nam wu sika kple klosalo akpeakpewo.+
י [Yod]
73 Wò asie wɔm hetrɔ asi le ŋunye.
Na gɔmesesem,Ne masrɔ̃ wò sededewo.+
74 Ame siwo vɔ̃a wò la kpɔa dzidzɔ ne wokpɔm,Elabena mekpɔa wò nya la sinu.+
75 Oo Yehowa, menyae be wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo le dzɔdzɔe,+Eye èna mekpe fu le wò nuteƒewɔwɔ me.+
76 Meɖe kuku, fa akɔ nam le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta,+Le ŋugbe si nèdo* na wò subɔla la nu.
77 Kpɔ nublanui nam, ne manɔ agbe,+Elabena melɔ̃ wò se la vevie.+
78 Na ŋu nakpe dadalawo,Elabena wowɔ vɔ̃ ɖe ŋunye madzemadzee.*
Ke nye la, wò sededewo ŋue made ŋugble le.*+
79 Na ame siwo vɔ̃a wò la nagatrɔ ɖe ŋunye,Ame siwo nya wò ŋkuɖodzinyawo hã.
80 Na nye dzi nanɔ wò ɖoɖowo ŋu fɔɖiɖi manɔmee,+Ne ŋu nagakpem o.+
כ [Kaf]
81 Wò xɔname dzroam* vevie,+Elabena wò nya la sinu kpɔm mele.
82 Nye ŋkuwo kpɔ mɔ na wò nya vevie,+Mebe: “Ɣekaɣie nàfa akɔ nam?”+
83 Elabena mele abe lãgbalẽgolo le dzudzɔ nu ene,Ke hã nyemeŋlɔa wò ɖoɖowo be o.+
84 Ŋkeke nenie wò subɔla alala ase ɖo?
Gbe ka gbee nàdrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le yonyeme tim?+
85 Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam,Wo, ame siwo mewɔa wò se la dzi o.
86 Wò sededewo katã le eteƒe.
Amewo le yonyeme tim yakatsyɔ; Oo, kpe ɖe ŋunye!+
87 Esusɔ vie ko wotsrɔ̃m ɖa le anyigba la dzi,Ke nye la, nyemagblẽ wò sededewo ɖi o.
88 Xɔm ɖe agbe le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta,Ne malé ŋkuɖodzinya siwo do tso nuwò la me ɖe asi.
ל [Lamed]
89 Oo Yehowa, wò nya la li ke ɖe dziƒowo,+Eli ke tegbee.
90 Wò nuteƒewɔwɔ li tso dzidzime yi dzidzime.+
Èɖo anyigba gɔme anyi sesĩe, ne wòanɔ anyi ɖaa.+
91 Woli* va se ɖe egbegbe le wò sededewo nu,Elabena wo katã subɔa wò.
92 Ðe menye wò se lae melɔ̃ vevie o la,Anye ne metsrɔ̃ le nye fukpekpewo me.+
93 Nyemaŋlɔ wò sededewo be akpɔ o,Elabena woawo dzie nèto xɔm ɖe agbe.+
94 Tɔwò menye; ɖem,+Elabena medi wò sededewo yome mɔ.+
95 Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi nam be yewoatsrɔ̃m,Ke wò ŋkuɖodzinyawo ŋue meléa ŋku ɖo vevie.
96 Mekpɔ seɖoƒe na nu deblibowo katã,Ke seɖoƒe meli na wò sedede ya o.*
מ [Mem]
97 Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o!+
Medea ŋugble le eŋu* ŋkeke blibo la.+
98 Wò sedede na medze nunya wu nye futɔwo,+Elabena ele gbɔnye tegbee.
99 Gɔmesese deto su asinye wu nye nufialawo katã,+Elabena wò ŋkuɖodzinyawo ŋue medea ŋugble le.*
100 Mewɔa nu kple gɔmesese si gbɔ ame tsitsiwo tɔ ŋu,Elabena melé wò sededewo me ɖe asi.
101 Megbe toƒe vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe zɔzɔ,+Ale be mate ŋu alé wò nya la me ɖe asi.
102 Nyemete ɖa le wò afiatsotsowo ŋu o,Elabena wòe fia num.
103 Aleke gbegbe wò nyawo vivi le nye ve mee nye esi!
Wovivi wu anyitsi le nye nu me.+
104 Wò sededewo na medze nunya.+
Esia tae melé fu aʋatsomɔwo katã ɖo.+
נ [Nun]
105 Wò nya nye akaɖi na nye afɔ,Kple kekeli na nye toƒe.+
106 Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o,Be malé wò se dzɔdzɔeawo me ɖe asi.
107 Mekpe fu geɖe ŋutɔ,+Oo Yehowa, xɔm ɖe agbe le wò nya la nu.+
108 Oo Yehowa, meɖe kuku, na nye lɔlɔ̃nu faa kafukafuvɔsawo* nadze ŋuwò,+Eye nàfia wò afiatsotsowom.+
109 Nye agbe ɖoa afɔku me ɖaa,*Ke hã, nyemeŋlɔ wò se la be o.+
110 Ame vɔ̃ɖiwo tre mɔ̃ ɖi nam,Gake nyemetra ɖa tso wò sededewo gbɔ o.+
111 Mexɔ wò ŋkuɖodzinyawo wɔ tɔnyee tegbee,*Elabena woawo ŋue nye dzi kpɔa dzidzɔ ɖo.+
112 Meɖoe le nye dzi me* be mawɔ wò ɖoɖowo dzi,Mawɔ wo dzi ɖaa va se ɖe nuwuwu.
ס [Samek]
113 Melé fu ame siwo si dzi afãafã le,*+Ke melɔ̃ wò se la ya.+
114 Beɖoƒe kple akpoxɔnu nènye nam,+Wò nya la sinu kpɔm mele.+
115 Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye,+Ne malé nye Mawu ƒe sededewo me ɖe asi.
116 Lém ɖe te le wò ŋugbedodo* la nu,+Ne manɔ agbe;Mègana ŋu nakpem le nye mɔkpɔkpɔ me o.+
117 Lém ɖe te, ne makpɔ agbe;+Ne malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu ɖaa.+
118 Ègbe ame siwo katã tra tso wò ɖoɖowo gbɔ,+Elabena ameblelawo kple alakpanuwɔlawoe wonye.
119 Èɖe ame vɔ̃ɖi siwo katã le anyigba dzi la ɖa abe gamĩ ene.+
Eya tae melɔ̃a wò ŋkuɖodzinyawo ɖo.
120 Vɔvɔ̃ si le ŋuwò nana nye lãme nɔa ƒoƒom;Mevɔ̃a wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.
ע [Ayin]
121 Mewɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe.
Mègagblẽm ɖe ame siwo tem ɖe anyi la si me o lo!
122 Da megbe na wò subɔla hena eƒe nyui;Mègana dadalawo natem ɖe to o.
123 Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò xɔname sinu kpɔkpɔ+Kple wò ŋugbedodo* dzɔdzɔe la sinu kpɔkpɔ ta.+
124 Wɔ nu ɖe wò subɔla ŋu le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la nu,+Eye nàfia wò ɖoɖowom.+
125 Wò subɔla menye; na gɔmesesem,+Ne manya wò ŋkuɖodzinyawo.
126 Oo Yehowa, ɣeyiɣi de be nàɖe afɔ,+Elabena woda wò se la dzi.
127 Esia tae melɔ̃ wò sededewoWu sika, wu sika nyuitɔ* gɔ̃ hã ɖo.+
128 Esia tae mebu wò mɔfiamewo* katã be wole dzɔdzɔe;+Melé fu aʋatsomɔ ɖe sia ɖe.+
פ [Pe]
129 Wò ŋkuɖodzinyawo wɔ nuku.
Esia tae melé* wo me ɖe asi ɖo.
130 Ne woʋu go wò nyawo la, kekeli vana,+Nugɔmesese sua ame makpɔnuteƒewo si.+
131 Meke nu ɖe te heɖe hũ,*Elabena wò sededewo le dzroyem vevie.+
132 Trɔ ɖe ŋunye, ne nàve nunye,+Abe ale si nèwɔa nu ɖe ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ŋui ene.+
133 Tsɔ wò nyawo fia mɔ nye afɔɖeɖewo dedie;*Eye mègana nu vɔ̃ɖi aɖeke naɖu dzinye o.+
134 Ðem le ameteɖeanyilawo si me,Ne malé wò sededewo me ɖe asi.
135 Kɔ mo* ɖe wò subɔla,+Eye nàfia wò ɖoɖowom.
136 Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo,Elabena amewo gbe wò se la dzi wɔwɔ.+
צ [Tsade]
137 Oo Yehowa, èle dzɔdzɔe,+Eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe.+
138 Wò ŋkuɖodzinyawo le dzɔdzɔeEye wole eteƒe tututu.
139 Mele ŋu ʋãm ɖe nuwò vevie,+Le esi nye ketɔwo ŋlɔ wò nyawo be ta.
140 Wò nyawo dza ale gbegbe,+Eye wò subɔla lɔ̃nɛ ŋutɔ.+
141 Nyemele ɖeke me o, eye wodo vlom;+Ke hã nyemeŋlɔ wò sededewo be o.
142 Wò dzɔdzɔenyenye nye dzɔdzɔenyenye si nɔa anyi tegbetegbee,+Eye wò se la le eteƒe.+
143 Togbɔ be xaxa kple hiã tum hã la,Nyemelɔ̃a nu le wò sededewo gbɔ o.
144 Wò ŋkuɖodzinyawo le dzɔdzɔe ɖaa tegbee.
Na gɔmesesem,+ ne manɔ agbe.
ק [Kof]
145 Meyɔ wò tso dzi blibo me. Oo Yehowa, tɔ nam.
Malé wò ɖoɖowo me ɖe asi.
146 Wò yɔm mele; xɔ nam!
Ne malé wò ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi.
147 Mefɔna doa ŋgɔ na fɔŋli hedoa ɣli be nàxɔ nam,+Wò nyawo sinu kpɔm mele.
148 Nye ŋkuwo le te do ŋgɔ na zãdzɔɣiwo,Ne made ŋugble* le wò nyawo ŋu.+
149 Se nye gbe le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta.+
Oo Yehowa, xɔm ɖe agbe le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔeawo nu.
150 Ŋukpenanuwɔlawo gogom;Wote ɖe aga boo tso wò se la gbɔ.
151 Oo Yehowa, ètsɔ kpuiƒe,+Eye wò sededewo katã nye nyateƒe.+
152 Menya wò ŋkuɖodzinyawo tso gbe aɖe gbe ke,Be èɖo wo anyi be woanɔ anyi tegbee.+
ר [Res]
153 Kpɔ nye fukpekpe ɖa, ne nàɖem,+Elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.
154 Ʋli tanye, ne nàɖem;+Xɔm ɖe agbe le wò ŋugbedodo* la nu.
155 Xɔname metsɔ ame vɔ̃ɖiwo gbɔ o,Elabena womedi wò ɖoɖowo yome mɔ o.+
156 Oo Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ.+
Xɔm ɖe agbe le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔeawo nu.
157 Yonyemetilawo kple nye futɔwo sɔ gbɔ;+Gake nyemetra ɖa tso wò ŋkuɖodzinyawo gbɔ o.
158 Ame siwo wɔa nu fitifitiwo nyɔa ŋu nam,Elabena womelé wò nyawo me ɖe asi o.+
159 Kpɔ ale si gbegbe melɔ̃ wò sewoe ɖa!
Oo Yehowa, xɔm ɖe agbe le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta.+
160 Wò nyawo katã nye nyateƒe,+Eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔeawo katã li ɖaa.
ש [Sin]
161 Amegãwo le yonyeme tim+ madzemadzee,Ke nye dzi kpɔtɔ ku ɖe wò nyawo ŋu kple vɔvɔ̃ gã.+
162 Dzi le dzɔyem ɖe wò nyawo ŋu,+Abe ame si kpɔ aboyonu geɖe ene.
163 Melé fu aʋatsokaka, eye menyɔ ŋui,+Ke melɔ̃ wò se la.+
164 Mekafua wò zi adre le ŋkeke me,Le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔeawo ta.
165 Ame siwo lɔ̃a wò se la kpɔa ŋutifafa geɖe;+Naneke mana woakli nu o.*
166 Oo Yehowa, mekpɔa mɔ na wò xɔnamedɔwo,Eye mewɔa wò sededewo dzi.
167 Melé* wò ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi,Eye melɔ̃ wo vevie ŋutɔ.+
168 Melé wò sededewo kple wò ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi,Elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò.+
ת [Taw]
169 Oo Yehowa, nye ɣlidodo be nàkpe ɖe ŋunye neɖo gbɔwò,+
Na gɔmesesem le wò nya la nu.+
170 Nye kokoƒoƒo be nàve nunye neɖo gbɔwò.
Ðem, le wò ŋugbedodo* la nu.
171 Nye nuyiwo nedudu kafukafu kɔ ɖi,+Elabena èfiaa wò ɖoɖowom.
172 Nye aɖe adzi ha le wò nyawo ŋu,+Elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe.
173 Wò alɔ nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye,+Elabena wò sewoe metia be maɖo toe.+
174 Oo Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie,Eye mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu vevie.+
175 Na manɔ* agbe ne mate ŋu akafu wò;+Eye na wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nakpe ɖe ŋunye.
176 Metra mɔ abe alẽ búbu ene.+ Di wò subɔla,Elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “ame siwo wɔa nuteƒe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Oo, ne ɖe nye mɔwo ali ke sesĩe.”
^ Alo, “Masrɔ̃ nu tso.”
^ Alo, “Edzroa nye luʋɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mli.”
^ Alo, “srɔ̃a nu tso.”
^ Alo, “Nye luʋɔe nye esi.”
^ Alo, “masrɔ̃ nu tso.”
^ Alo, “Nuxaxa na nye luʋɔ de.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Maƒu du le wò sewo ƒe mɔ dzi.”
^ Agate ŋu afia, “Elabena èna dzi ɖo ƒonye.”
^ Alo, “viɖekpɔkpɔ.”
^ Alo, “Na nya si nègblɔ nava eme.”
^ Agate ŋu afia, “Abe ale si nèdo ŋugbe na ame siwo vɔ̃a wò la ene.”
^ Alo, “nya.”
^ Alo, “teƒe si keke.”
^ Alo, “masrɔ̃ nu tso.”
^ Alo, “ŋugbe si nèdo.”
^ Alo, “Esi lalam mele.”
^ Alo, “Le afi sia afi si medze.”
^ Alo, “nya.”
^ Alo, “mewɔa nu vɔ̃ le manyamanya me.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ku atri abe ami ene.”
^ Alo, “nya si nègblɔ.”
^ Alo, “wowɔ vɔ̃ ɖe ŋunye heblem.”
^ Alo, “mesrɔ̃a nu le.”
^ Alo, “dzroa nye luʋɔ.”
^ Efia, eƒe nuwɔwɔwo katã.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wò sededewo keke ale gbegbe.”
^ Alo, “Mesrɔ̃a nu tso eŋu.”
^ Alo, “mesrɔ̃a nu le.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye nu ƒe lɔlɔ̃nu faa kafukafuvɔsawo.”
^ Alo, “Melé nye luʋɔ ɖe nye asiƒome ɖaa.”
^ Alo, “wɔ nye domenyinui tegbee.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mebi nye dzi.”
^ Alo, “ame siwo ƒe dzi meto mɔ ɖeka o.”
^ Alo, “nya.”
^ Alo, “nya.”
^ Alo, “sika si ŋu wodza.”
^ Alo, “ɖoɖowo.”
^ Alo, “nye luʋɔ lé.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “hele gbɔgbɔm fuxefuxe.”
^ Alo, “na nye afɔɖeɖewo nali ke.”
^ Alo, “Ko nu.”
^ Alo, “masrɔ̃ nu.”
^ Alo, “nya.”
^ Alo, “Nukikli aɖeke meli na wo o.”
^ Alo, “Nye luʋɔ lé.”
^ Alo, “nya.”
^ Alo, “nye luʋɔ nanɔ.”