Yesaya 51:1-23

  • Wogbugbɔ ɖo Zion te abe Eden-bɔ ene (1-8)

  • Akɔfafa tso Zion Wɔla sẽŋu la gbɔ (9-16)

  • Yehowa ƒe dɔmedzoekplu (17-23)

51  “Mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome,Mi ame siwo le Yehowa dim la, miɖo tom. Milé ŋku ɖe agakpe si me woɖe mi tsoeKple kpegbãƒe si me woɖe mi tsoe la ŋu.   Miɖe ŋku ɖe mia fofo AbrahamKple Sara+ si dzi mi la.* Elabena eya ɖekae li esime meyɔe,+Eye meyrae wòdzi ɖe edzi.+   Elabena Yehowa afa akɔ na Zion.+ Afa akɔ na eƒe aƒedowo katã,+Eye wòawɔ eƒe gbegbe wòanɔ abe Eden-bɔ+ eneKple eƒe tagba abe Yehowa ƒe abɔ ene.+ Woatso aseye ahakpɔ dzidzɔ le eme,Eye akpedada kple haƒoƒo aɖi le eme.+   Oo, nye dukɔ, lé to ɖe ŋunye,Nye dukɔ, miƒu to anyi ɖe ŋunye.+ Elabena sedede atso gbɔnye,+Eye maɖo nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi abe kekeli ene na dukɔwo.+   Nye dzɔdzɔenyenye tu aƒe.+ Nye xɔname ado,+Eye nye alɔwo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.+ Nyee ƒukpowo akpɔ mɔ na,+Eye woakpɔ nye alɔ* sinu.   Mifɔ mo dzi miakpɔ dziƒowo,Eye mide mo to miakpɔ anyigba. Elabena dziƒowo akaka eye wo nu ayi abe dzudzɔ ene;Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,Eye edzinɔlawo aku abe muwo ene. Ke nye xɔname anɔ anyi tegbee,+Eye nye dzɔdzɔenyenye nu mayi akpɔ o.+   Mi ame siwo nya dzɔdzɔenyenye,Dukɔ si ƒe dzi me nye se* la le,+ miɖo tom. Migavɔ̃ amegbetɔ si kuna ƒe vlodoame o,Eye woƒe amedzudzu megadzi ŋɔ na mi o.   Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene,Eye tsiƒomee* aɖu wo abe lãfuvɔ ene.+ Ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee,Eye nye xɔname anɔ anyi le dzidzimewo katã me.”+   Nyɔ! Nyɔ! Oo Yehowa ƒe alɔ,+Ne nàta ŋusẽ. Nyɔ abe le blemaŋkekewo me ene, abe le dzidzime siwo va yi la ŋɔli ene. Ðe menye wòe ŋe Rahab*+ kakɛkakɛe,Eye nèƒo nu ɖe ƒumelã klitsu la oa?+ 10  Ðe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la, me tsiwo mie oa?+ Ame si na atsiaƒu gɔme zu mɔ, be ame siwo wogbugbɔ ƒle la nato edzi oa?+ 11  Ame siwo Yehowa ɖe la atrɔ agbɔ.+ Woava Zion kple aseyetsotso,+Eye woakpɔ dzidzɔ tegbee.*+ Woatso aseye ahakpɔ dzidzɔ,Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+ 12  “Nye ŋutɔe nye Ame si le akɔ fam na mi.+ Nu ka tae nàvɔ̃ amegbetɔ, si gbɔna kuku ge,+Kple amegbetɔvi, si ayrɔ abe gbe mumu ko ene? 13  Nu ka tae nàŋlɔ Wɔwòla Yehowa,+Ame si he dziƒowo me,+ eye wòɖo anyigba gɔme anyi ya be? Vɔvɔ̃ léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila* ƒe dziku ta,Abe ɖe wòate ŋu atsrɔ̃ wò ene. Afi kae ameteɖeanyila ƒe dziku la le? 14  Woaɖe ga ame si do dɔgɔ̃e le kɔsɔkɔsɔwo me la kpuie,+Maku ahayi yɔdo me,Alo abolo nahiãe o. 15  Ke nye Yehowae nye wò Mawu,Ame si blua atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo+—Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+ 16  Matsɔ nye nyawo ade nuwò,Eye matsɔ nye asi ƒe vɔvɔli atsyɔ dziwò,+Ne maɖo dziƒowo wo teƒe ahaɖo anyigba gɔme anyi,+Eye magblɔ na Zion be: ‘Nye dukɔ nènye.’+ 17  Nyɔ! Nyɔ! Oo Yerusalem, fɔ,+Wò ame si no Yehowa ƒe dɔmedzoekplu tso eƒe asi me. Èno kplu la;Èno kplu si nana wozɔna sagasaga la ƒiaƒiaƒia.+ 18  Vi siwo katã wòdzi la dometɔ aɖeke meli akplɔe o,Eye vi siwo wònyi la dometɔ aɖeke meli alé eƒe alɔnu o. 19  Nu eve siawoe dzɔ ɖe dziwò. Ame kae ase veve ɖe nuwò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi!+ Ame kae afa akɔ na wò?+ 20  Viwòwo ku ƒenyi.+ Womlɔ kpɔdomeewo katã ƒe dzogoewo dziAbe sẽ siwo mɔ̃ ɖe ene. Abe ame siwo Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ, wò Mawu ƒe mokaname, ɖi ƒo na ene.” 21  Eya ta ɖo to nàse nya sia,Oo, nyɔnu fukpela si mu aha evɔ mèno wain hafi o. 22  Ale wò Aƒetɔ, Yehowa wò Mawu, ame si ʋlia eƒe dukɔ ta, gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa! Maxɔ kplu si nana wozɔna sagasaga,+Kplu, si nye nye dɔmedzoekplu la le asiwò;Màganoe akpɔ o.+ 23  Matsɔe ade ame siwo wɔ funyafunya wò la si me,+Ame siwo gblɔ na wò* be, ‘Bɔbɔ, ne míazɔ dziwò ayi,’ Ale be nètsɔ wò dzime wɔ anyigbaeAbe mɔ ene na wo be woazɔ edzi.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “si lé ku dzi mi.”
Alo, “ŋusẽ.”
Alo, “mɔfiame.”
Agate ŋu afia, “ŋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzidzɔ anye fiakuku anɔ ta na wo.”
Alo, “ame si mimia wò ɖo.”
Alo, “wò luʋɔ.”