Yesaya 33:1-24

  • Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ame dzɔdzɔewo ƒe mɔkpɔkpɔ (1-24)

    • Yehowa nye Ʋɔnudrɔ̃la, Senala kple Fia (22)

    • Ame aɖeke magblɔ be: “Mele dɔ lém o” (24)

33  Baba na wò ame si gblẽa nu, evɔ womegblẽ wò ya o,+Wò, ametatrɔla, evɔ wometrɔ wò ya tawò o! Ne ègblẽ nu vɔ la, woagblẽ wò hã.+ Ne ètrɔ ame ta vɔ la, woatrɔ wò hã tawò.   Oo Yehowa, ve mía nu.+ Wòe míele mɔ kpɔm na. Nye míaƒe alɔ*+ ŋdi sia ŋdiKple míaƒe xɔname le xaxaɣi.+   Dukɔwo si le wò gbeɖeɖe nu. Ne ètso la, dukɔwo kana hlẽna.+   Woaƒo miaƒe aboyonuwo nu ƒu abe ale si ʋetsuvi gblẽnuwo ƒoa zi ɖe nu ŋu bibibi ene;Amewo aƒo zi ɖe eŋu abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene.   Woado Yehowa ɖe dzi,Elabena enɔƒe le dziƒo boo. Atsɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion fũu.   Enye gɔmeɖokpe na miaƒe ɣeyiɣiwo;Eya gbɔe miaƒe xɔname,+ nunya, sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃+ ƒe agbɔsɔsɔ tso,—Esiae nye eƒe kesinɔnu.   Kpɔ ɖa! Woƒe kalẽtɔwo le ɣli dom le kpɔdomee;Ame siwo hea ŋutifafanya nyui vanɛ la le avi fam hehehe.   Mɔ gãwo dzi ɖi gbɔlo;Ame aɖeke megale mɔwo dzi tom o. Etu* nubabla la;Egbe nu le duawo gbɔ;Mebu amegbetɔ ɖe naneke me o.+   Anyigba la le konyi fam, eye wòyrɔ. Ŋukpe lé Lebanon;+ enyunyɔ. Saron zu abe tagba ene,Eye Basan kple Karmel lũ xe.+ 10  Yehowa be: “Matso azɔ,Mado kɔkɔ ɖokuinye azɔ;+Mado gã ɖokuinye azɔ. 11  Miefɔ gbe ƒuƒu ƒe fu, eye ahɔ̃litie miadzi. Miawo ŋutɔwo miaƒe gbɔgbɔ afiã mi abe dzo ene.+ 12  Dukɔwo anɔ abe akalo si womè ene. Woatɔ dzo wo abe ŋuve siwo wolã kɔ ɖi ene.+ 13  Mi ame siwo le didiƒe, mise nu si wɔ ge mala! Eye mi ame siwo le kpuiƒe, midze si nye kalẽwɔwɔ! 14  Dzidzi ƒo nu vɔ̃ wɔlawo le Zion;+Xɔsegbelawo dzo nyanyanya: ‘Mía dometɔ kae ate ŋu anɔ afi si dzo flafla le?+ Mía dometɔ kae ate ŋu anɔ dzobibi si metsina o la gbɔ?’ 15  Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me ɖaa,+Eye wògblɔa nya si le eteƒe,+Ame si gbea viɖe ƒoɖi si wokpɔ to ame tafatafa me,Ame si ƒe asiwo gbea zãnuxɔxɔ,+Ame si xea to be yemase ʋukɔkɔɖi ŋu nya o,Eye wòmiaa eƒe ŋkuwo be yemakpɔ nu baɖa o 16  —Anɔ kɔkɔƒewo;Eƒe mɔ́ sesẽ anɔ agakpe gãwo dzi.Woana eƒe aboloe,Eye eƒe tsi mavɔ akpɔ o.”+ 17  Wò ŋkuwo akpɔ fia le eƒe atsyɔ̃ me;Woakpɔ anyigba aɖe le adzɔge ɖaa. 18  Àɖo ŋku ŋɔdzinu la dzi* le wò dzi me be: “Afi kae agbalẽŋlɔla la le? Afi kae nudala si xɔa adzɔ la le?+ Afi kae ame si xlẽa xɔ tsralawo la le?” 19  Màgakpɔ dukɔ mabuame aɖeke o,Dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye womate ŋu ase eme o,Si ƒe aɖe kukɔna, eye màte ŋu ase eƒe nyawo gɔme o.+ 20  Kpɔ Zion, du si me míeɖua míaƒe azãwo le la ɖa!+ Wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, si nye dziɖeɖinɔƒe,Agbadɔ si womakaka o.+ Womaho eƒe tsyotiwo akpɔ o,Eye womatso eƒe kawo dometɔ aɖeke o. 21  Ke boŋ Yehowa, Bubutɔ Gã la,Anye tɔsisiwo kple tɔʋu gãwo na mí le afi ma.Tɔdziʋu siwo wokuna kple atabluwo mato edzi o,Eye tɔdziʋu gã aɖeke mazɔ edzi o. 22  Elabena Yehowae nye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la,+Yehowae nye míaƒe Senala,+Yehowae nye míaƒe Fia;+Eyae aɖe mí.+ 23  Wò kawo me ado agblɔ;Womate ŋu alé wò abalati ɖe te o; eye womahe abala me o. Ɣemaɣi la, woama aboyonu geɖe;Bunɔwo ke hã aha nu gbogbo aɖe.+ 24  Dua me tɔ* aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o.+ Woatsɔ ame siwo le anyigba la dzi ƒe vodada ake wo.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ŋusẽ.”
Efia, futɔ la.
Alo, “Àde ŋugble le ŋɔdzinu la ŋu.”
Alo, “Dua me nɔla.”