Yesaya 34:1-17

  • Yehowa ƒe hlɔ̃biabia dukɔwo (1-4)

  • Edom azu aƒedo (5-17)

34  Mi dukɔwo, mite va ne miasee;Mi dukɔwo, miƒu to anyi. Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,Anyigba la kple edzinuwo katã nesee.  2  Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu,+Eye wòdo dziku ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu.+ Atsrɔ̃ wo gbidigbidi;Atsɔ wo ana woawu.+  3  Woatsɔ woƒe ame siwo wowu la aƒu gbe;Eye woƒe kukuawo ƒe ʋeʋẽ kũu axɔ yame;+Woƒe ʋu ana towo nalólo.*+  4  Dziƒoʋakɔ blibo la katã anyunyɔ,Woaŋlɔ́ dziƒowo abe agbalẽ xatsaxatsa ene. Woƒe aʋakɔ blibo la katã ayrɔ,Abe ale si aŋgba yɔyrɔwo duduna le wainka ŋu ene,Abe ale si gbotsetse léakpɔ̃ gena tso gboti dzi ene.  5  “Elabena nye yi aƒo ʋu belee le dziƒowo.+ Aɖiɖi ɖe Edom dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me,+Ðe dukɔ si matsrɔ̃ gbidigbidi la dzi.  6  Yi le Yehowa si; aƒo ʋu. Aƒo ami,+Aƒo alẽtsuiwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu,Agbowo ƒe ayikuwo ƒe ami. Elabena Yehowa le vɔ sa ge le Bozra,Eye wòawu lã gbogbo aɖewo le Edom-nyigba dzi.+  7  Woawu gbenyiwo hã kpe ɖe wo ŋu,Nyitsuiwo kple nyitsu sesẽwo hã. Woƒe anyigba aƒo ʋu belee,Eye woƒe ke aƒo ami.”  8  Elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si,+Anye teƒeɖoɖo ƒe ƒe si wòatsɔ axɔ na Zion.+  9  Eƒe* tɔsisiwo azu aŋɔ,Eye eƒe ke azu dzokpe,Eƒe anyigba azu abe aŋɔ si le bibim ene. 10  Matsi o, zã kple keli;Eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee. Azu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime;Ame aɖeke mato edzi akpɔ o tegbetegbee.+ 11  Azu alugewo kple hlɔ̃madewo nɔƒe,Eye favieʋutowo kple akpaviãwo anɔ edzi; Ada dzidzeka ɖe edzi be wòazu gbegbeKple nudakpe ɖe edzi be wòazu aƒedo. 12  Womatsɔ eƒe bubume aɖeke aɖo fiae o,Eƒe amegãwo katã nu ayi. 13  Aŋɔka amie ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo me,Dza kple ŋù amie ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo me. Azu agbotoewo nɔƒe+Kple bebeƒe na golowo.* 14  Lã siwo nɔa gbegbe kple lã siwo xlɔ̃na sesĩe la ado go le afi ma,Eye gbegbɔ̃* gɔ̃ hã ayɔ wo nɔewo. Zãxewo aɖe dzi ɖi, eye woagbɔ ɖe eme le afi ma. 15  Afi mae da si lũa ʋɔ awɔ atɔ ɖo aɖa azi,Aƒo vi ahaƒo wo nu ƒu ɖe eƒe vɔvɔli te le. Ɛ̃, ayisuwo* aƒo ƒu ɖe afi ma, atsu kple nɔe. 16  Miawo ŋutɔwo midzro Yehowa ƒe agbalẽ la me, eye mikɔ gbe dzi miaxlẽe: Wo dometɔ aɖeke mabu o;Nɔe aɖeke mado kpo atsu kpɔkpɔ o,Elabena Yehowa ƒe nue de se la,Eye eƒe gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu. 17  Eyae dzidze nu na wo,Eye eya ŋutɔe tsɔ asi dzidze teƒea na wo.* Azu wo tɔ tegbee;Woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Woƒe ʋu asi le towo dzi.”
Bozra, si nye Edom ƒe fiadu lae wowɔnɛ.
Alo, “tsatsaboliwo.”
Agate ŋu afia, “gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ƒe dzedzeme le abe gbɔ̃ ene.”
Alo, “yitsuiwo.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsɔ dzidzeka mae na wo.”