Yesaya 43:1-28

  • Yehowa gbugbɔ ƒo eƒe amewo nu ƒu (1-7)

  • Wodo mawuwo kpɔ (8-13)

    • “Miawoe nye nye ɖasefowo” (10, 12)

  • Ðeɖe tso Babilon (14-21)

  • “Na míahe nya kple mía nɔewo” (22-28)

43  Azɔ ale Yehowa,Oo Yakob, Wɔwòla, Oo Israel, Mèwòla, gblɔe nye esi:+ “Mègavɔ̃ o, elabena megbugbɔ wò ƒle.+ Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò. Tɔnye nènye.   Ne èto tsi me la, manɔ kpli wò,+Eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o.+ Ne èzɔ dzo me la, mamè wò loo,Alo dzoƒaɖe nafiã wò o.   Elabena nyee nye Yehowa wò Mawu,Israel Ƒe Kɔkɔetɔ, wò Xɔnametɔ la. Metsɔ Egipte na tafee ɖe tawò,Eye metsɔ Etiopia kple Seba ɖɔli wò.   Elabena èxɔ asi le ŋkunyeme,+Mede bubu ŋuwò, eye melɔ̃ wò.+ Eya ta matsɔ amegbetɔwo ana ɖe tewòƒeKple dukɔwo ana ɖe wò agbe* ta.   Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.+ Makplɔ wò dzidzimeviwo tso ɣedzeƒe vɛ,Eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.+   Magblɔ na dziehe be: ‘Ðe asi le wo ŋu!’+ Eye magblɔ na anyiehe be: ‘Mègasika wo ɖi o. Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu vɛ,+   Ame siwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo,+Ame siwo mewɔ hena nye ŋutɔ nye bubu,Ame siwo memè, eye mewɔ.’+   Kplɔ dukɔ si ŋku li na gake mekpɔa nu o,Kple ame siwo to li na gake womesea nu o la do goe.+   Dukɔwo katã neƒo ƒu,Eye amewo neƒo takpli.+ Wo dometɔ kae ate ŋu agblɔ esia? Alo ɖe woate ŋu ana míase nu gbãtɔ siwo adzɔa?*+ Wonekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ,Alo woasee ahagblɔ be: ‘Nyateƒee!’”+ 10  Yehowa be: “Miawoe nye nye ɖasefowo+Ɛ̃, nye subɔla si metia,+Ne mianyae, eye miaxɔ dzinye ase,*Eye mianyae be Ame ma ko menye.+ Womewɔ Mawu aɖeke do ŋgɔ nam o,Eye ɖeke hã medo megbe nam o.+ 11  Nyee nye Yehowa,+ eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”+ 12  “Megblɔ nya ɖi, mexɔ na ame, eye mena wosee,Esime mawu tutɔ aɖeke menɔ mia dome o.”+ Yehowa be: “Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.+ 13  Ame ma ko menye ɣeawokatãɣi;+Ame aɖeke mate ŋu axɔ naneke le asinye o.+ Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”+ 14  Ale Yehowa, mia Gbugbɔƒlela,+ Israel ƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔe nye esi: “Le mia ta madɔ ame ɖo ɖe Babilon woaɖiɖi gaxɔwo ƒe gametiwo ɖe anyi,+Eye Kaldeatɔ siwo le woƒe tɔdziʋuwo me la ado konyifaɣli.+ 15  Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ+ la, Israel Wɔla,+ miaƒe Fia.”+ 16  Ale Yehowa,Ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me,Eye wòɖe toƒe ɖe tɔ dzeagbowo gɔ̃ hã me,+ 17  Ame si kplɔa aʋatasiaɖam kple sɔ,+Aʋakɔ kple kalẽtɔwo donɛ la gblɔe nye esi: “Woaɖo baba ɖe anyi, eye womafɔ o.+ Woatsi kplo abe ale si akaɖimeɖovu tsinae ene.” 18  “Migaɖo ŋku gbe aɖe gbe nuwo dzi o,Eye miganɔ tsãnuwo ŋu bum o. 19  Kpɔ ɖa! Mele nu yeye aɖe wɔm.+ Ele mo dom ɖa fifia gɔ̃ hã xoxo,Miekpɔe dze sii oa? Maɖe mɔ to gbedzi,+Eye mana tɔsisiwo nato gbedadaƒo.+ 20  Gbemelãwo ade bubu ŋunye,Agbotoewo kple golowo* hã,Elabena mena tsi le gbegbe,Tɔsisiwo le gbedadaƒo,+Be nye dukɔ, nye ame tiatia+ la nano, 21  Dukɔ si mewɔ na ɖokuinye,Ne wòaɖe gbeƒã nye kafukafu.+ 22  Ke Oo Yakob, mèyɔm o,+Elabena nye nya ti wò, Oo Israel.+ 23  Mètsɔ wò alẽwo sa numevɔ nam o,Eye mètsɔ wò vɔsawo kafum o. Nyemezi dziwò be nàtsɔ nunana vɛ nam o,Alo tsɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dodo ɖe fu na wò o.+ 24  Mètsɔ wò ga ƒle gbekee ʋeʋĩ aɖeke vɛ nam o,Eye mètsɔ wò vɔsawo ƒe amiwo ɖi ƒoe nam o.+ Ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agba nam,Eye nètsɔ wò vodadawo ɖe fu nam.+ 25  Nyee nye Ame si le wò dzidadawo*+ tutum ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta,+Eye nyemaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.+ 26  Ðo ŋku edzi nam; na míahe nya kple mía nɔewo;Ðe ɖokuiwò nu, ne nàɖee fia be ye tɔ dzɔ. 27  Tɔgbuiwò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃,Eye wò nyanuɖelawo* da vo ɖe ŋunye.+ 28  Eya ta magblẽ kɔ ɖo na kɔkɔeƒe la ƒe amegãwo,Matsɔ Yakob ade asi woatsrɔ̃,Eye matsɔ Israel ade asi na dzudzu.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.”
Agate ŋu afia nu gbãtɔ siwo adzɔ le etsɔme.
Alo, “miaka ɖe dzinye.”
Alo, “tsatsaboliwo.”
Alo, “aglãdzenuwɔnawo.”
Ðewohĩ Sea fialawoe wowɔnɛ.