Yesaya 37:1-38

  • Hizkiya di kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ (1-7)

  • Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem (8-13)

  • Hizkiya ƒe gbedodoɖa (14-20)

  • Yesaya gblɔ Mawu ƒe gbedeasi (21-35)

  • Mawudɔla wu Asiriatɔ 185,000 (36-38)

37  Esi Fia Hizkiya se nya sia ko la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heva Yehowa ƒe aƒe la me.+  Eye wòdɔ Eliyakim si nye aƒedzikpɔla* kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsi siwo ta akpanya la, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi la gbɔ.  Eye wogblɔ nɛ be: “Ale Hizkiya gblɔe nye esi, ‘Ŋkeke sia nye xaxa, mokaname* kple vlodoŋkeke; elabena viwo ɖo dzidzi me,* gake ŋusẽ meli woadzi wo o.+  Ðewohĩ Yehowa wò Mawu ase Rabsake, ame si eƒe aƒetɔ Asiria-fia dɔ be wòava ɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu la ƒe nyawo,+ eye wòabia akɔntae le nya siwo Yehowa wò Mawu se la ta. Eya ta do gbe ɖa+ ɖe ame susɔe siwo li la ta.’”+  Eya ta Fia Hizkiya ƒe dɔlawo yi Yesaya gbɔ,+  eye Yesaya gblɔ na wo be: “Nya si miagblɔ na miaƒe aƒetɔe nye esi, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègavɔ̃+ le nya siwo nèse, siwo nye busunya siwo Asiria-fia+ ƒe dɔlawo gblɔ ɖe ŋunye la ta o.  Kpɔ ɖa, made susu aɖe tame nɛ,* eye wòase nya aɖe ahatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi;+ eye mana wòatsi yi nu le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”’”+  Esi Rabsake se be Asiria-fia ho dzo le Lakis la, etrɔ yi egbɔ eye wòkpɔ be enɔ aʋa wɔm kple Libna.+  Azɔ Fia la se le Etiopia-fia Tirhaka ŋu be: “Eho va aʋa wɔ ge kpli wò.” Esi wòsee la, egadɔ amewo ɖo ɖe Hizkiya+ be: 10  “Ale miagblɔ na Yuda-fia Hizkiya ye nye esi: ‘Mègana wò Mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò nànɔ gbɔgblɔm be, “Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o.”+ 11  Kpɔ ɖa! Èse nu si Asiria-fiawo wɔ dukɔwo katã esi wotsrɔ̃ wo ɖikaa,+ ke ɖe woaɖe wò ya? 12  Ðe dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ la, ƒe mawuwo ɖe woa?+ Afi kae Gozan, Haran,+ Rezef kple Eden vi siwo le Tel-Asar la le? 13  Afi kae Hamat-fia, Arpad-fia kple du siwo nye Sefarvayim,+ Hena kple Iwa ƒe fiawo le?’” 14  Eye Hizkiya xɔ agbalẽawo le ame dɔdɔawo si eye wòxlẽe. Emegbe Hizkiya yi Yehowa ƒe aƒe la me hekeke agbalẽawo ɖe Yehowa ŋkume.+ 15  Eye Hizkiya do gbe ɖa na Yehowa+ be: 16  “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa,+ Israel ƒe Mawu, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo tame,* wò ɖeɖe koe nye Mawu vavã ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒowo kple anyigba. 17  Oo Yehowa, ƒu to anyi ne nàsee!+ Yehowa, ʋu wò ŋkuwo ne nàkpɔ nu!+ Eye nàse nya siwo katã Senakerib gblɔ ɖo ɖa be yeatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu.+ 18  Oo Yehowa, nyateƒee wònye be Asiria-fiawo tsrɔ̃ dukɔwo katã+ kple woawo ŋutɔwo ƒe dukɔ hã. 19  Eye wotɔ dzo woƒe mawuwo,+ elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo,+ ati kple kpe wonye. Eya tae wote ŋu tsrɔ̃ wo ɖo. 20  Ke azɔ, Yehowa mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigbadzifiaɖuƒewo katã nadze sii be wò ɖeɖe koe nye Mawu, Oo Yehowa.”+ 21  Eye Yesaya, Amoz vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hizkiya be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam le Asiria-fia Senakerib ŋu ta la,+ 22  nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋue nye esi: “Zion ɖetugbui leaƒe do vlo wò, eko wò. Èna Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta ɖe ŋuwò. 23  Ame ka ŋue nèɖe alɔme le+ hegblɔ busunya ɖo? Ame ka tae nèdo ɣli ɖo,+Eye ame ka ŋue nèfɔ mo dzi ɖo dadatɔe? Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋue!+ 24  Èto wò dɔlawo dzi ɖe alɔme le Yehowa+ ŋu be:‘Matsɔ nye aʋatasiaɖam gbogboawo,Ayi towo dzi,+Ayi Lebanon ƒe nutotroewo me. Malã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo aƒu anyi. Mage ɖe eƒe kɔkɔƒe kekeake, eƒe ave dodowo me. 25  Maɖe vudo ahano tsi;Nye afɔƒome ana Egipte-tɔsisiwo* namie.’ 26  Mèsee oa? Nu siae meɖo be mawɔ tso blema ke. Meɖoe tso gbe aɖe gbe ke.+ Azɔ mana wòava eme.+ Be nàgbã du sesẽwo woazu glikpowo.+ 27  Wɔna avɔ le wo me nɔlawo ŋu;Dzika atso wo ƒo, eye ŋukpe alé wo. Woazu abe nu miemie le agble me kple gbe fẽwo ene,Abe xɔtagbe si ɣedzeƒeya fiã ene. 28  Menya wò anyinɔnɔ, wò dodo kple wò gbɔgbɔ,+Kple wò dzikudodo ɖe ŋunye nyuie,+ 29  Elabena wò dzikudodo ɖe ŋunye+ kple wò gbeɖeɖe la va ɖo to me nam.+ Eya ta made nye ga ŋɔti na wò kple nye numega nu na wò,+Eye makplɔ wò agbugbɔ to mɔ si nèto va la.” 30  “‘Esiae anye dzesi na wò:* Miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si la ƒe tsetse le ƒe sia me, eye ne ƒe trɔ la, miaɖu esiwo gamie tso esiwo mie le wo ɖokui si la me; ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu aŋe nu, eye miade waingblewo aɖu wo me kutsetsewo.+ 31  Yuda ƒe aƒe la me tɔ siwo tsi agbe, siwo susɔ la,+ ato ke ayi to, eye woatse ku aɖo ta dzi. 32  Elabena ame susɔeawo ado tso Yerusalem, eye ame siwo tsi agbe la atso Zion To la dzi.+ Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dzonɔameme awɔ esia ade goe.+ 33  “‘Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria-fia ŋue nye esi:+ “Mava du sia me o,+Mada aŋutrɔ ɖeka pɛ hã ɖe eme oMatsɔ akpoxɔnu akpe kplii o,Eye maƒu kpo ɖe eŋu hã o.”’+ 34  ‘Agbugbɔ ato mɔ si wòto va;Mava du sia me o,’ Yehowa ye gblɔe. 35  ‘Maʋli du sia ta,+ eye maɖee le nye ŋutɔ+Kple nye subɔla David ta.’”+ 36  Eye Yehowa ƒe dɔla do yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka blaenyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa la me. Esi amewo fɔ ŋdi kanya la, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.+ 37  Eya ta Asiria-fia Senakerib trɔ dzo, eye wòyi ɖanɔ Niniwe.+ 38  Eye esi wòle ta dem agu le eƒe mawu Nisrok ƒe me* la, Adramelek kple Sarezer, siwo nye eya ŋutɔ viaŋutsuwo, wui kple yi,+ eye wosi yi Ararat-nyigba+ dzi. Eye via Esar-Hadon+ zu fia ɖe eteƒe.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fiasãdzikpɔla.”
Alo, “dzudzu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwo ɖo keke vidzidɔnu ke.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “made gbɔgbɔ aɖe eme.”
Agate ŋu afia, “dome.”
Alo, “Nil ƒe alɔdzewo.”
Efia, Hizkiya.
Alo, “ƒe trɔ̃xɔ me.”