Yesaya 11:1-16
11 Atilɔ+ adze tso Isai+ ƒe atitakpo me;Eye dzedze+ atso eƒe kewo me atse ku.
2 Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ,+Nunya+ kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ,Adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ,+Sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ anɔ edzi.
3 Eye Yehowa vɔvɔ̃ anyo eŋu.+
Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋkuwo kpɔ la nu o,Eye maka mo na ame le nu si eƒe to se la ɖeɖe ko nu o.+
4 Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo,Eye wòaka mo na amewo ɖe eteƒe, le ame fafa siwo le anyigba dzi la ta.
Atsɔ eƒe numeti aƒo anyigba la,+Eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ*+ awu ame vɔ̃ɖi la.
5 Dzɔdzɔenyenyee anye alidziblanu le eƒe ali,Eye nuteƒewɔwɔ anye alidziblanu le eƒe aklito.+
6 Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ,+Eye lãklẽ atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ,Nyivi kple dzata* kpakple lã dami woanɔ wo nɔewo gbɔ;*+Eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.
7 Nyinɔ kple sisiblisi aɖu gbe le teƒe ɖeka,Eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe wo nɔewo gbɔ.
Dzata aɖu gbe abe nyi ene.+
8 Ðevi nono afe le ƒli ƒe do nu,Eye ɖevi si wotso no na la atsyɔ asi da vɔ̃ɖi ƒe do nu.
9 Womawɔ vɔ̃ aɖeke o,+Eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o,+Elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi,Abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.+
10 Gbe ma gbe Isai ƒe ke ado+ anye dzesi na dukɔwo.+
Dukɔwo adi mɔfiame* tso egbɔ,+Eye eƒe gbɔɖemeƒe azu atsyɔ̃.
11 Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa zi evelia, eye wòakplɔ eƒe dukɔ la ƒe ame susɔe siwo kpɔtɔ la tso Asiria,+ Egipte,+ Patros,+ Kus,+ Elam,+ Sinar,* Hamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.+
12 Ado dzesiti ɖe dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe ame siwo wokaka la nu ƒu,+ eye wòaƒo Yuda ƒe ame siwo woka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.+
13 Efrayim ƒe ŋuʋaʋã nu atso,+Eye woatsrɔ̃ ame siwo lé fu Yuda hã ɖa.
Efrayim maʋã ŋu Yuda o,Eye Yuda hã malé fu Efrayim o.+
14 Woaho ava Filistitɔwo ƒe aga nu* le ɣetoɖoƒe;Woawɔ ɖeka aha Ɣedzeƒetɔwo.
Woado woƒe asi ɖa ɖe Edom+ kple Moab+ ŋu,*Eye Amonitɔwo azu wo teviwo.+
15 Yehowa ana Egipte-ƒu la ƒe adɔ̃* nama,*+Eye wòanyè eƒe asi ɖe Tɔsisi* la dzi.+
Le eƒe gbɔgbɔ ƒe dzoxɔxɔ me la, aƒo eƒe tɔʋu adreawo,*Eye wòana amewo nanɔ woƒe afɔkpa me atsoe.
16 Mɔ gã+ aɖe atso Asiria na eƒe dukɔ la ƒe ame susɔe siwo akpɔtɔ,+Abe ale si wònɔ na Israel le gbe si gbe woʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “gbɔgbɔ.”
^ Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
^ Agate ŋu afia, “nyivi kple dzata aɖu nu ɖekae.”
^ Alo, “Dukɔwo adii.”
^ Efia, Babilon.
^ Alo, “Edom kple Moab ava nɔ woƒe ŋusẽ te.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe abɔta.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “aɖe.”
^ Agate ŋu afia, “namie.”
^ Efia, Frat-tɔsisi.
^ Agate ŋu afia, “amae ɖe tɔʋu adre me.”