Yesaya 4:1-6

  • Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka (1)

  • Nu si Yehowa na wòmie la anye atsyɔ̃ (2-6)

4  Gbe ma gbe la, nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka+ agblɔ be: “Míaɖu míawo ŋutɔ míaƒe abolo,Eye míado míawo ŋutɔwo míaƒe awuwo;Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko,Ne nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”*+  Gbe ma gbe la, nu si Yehowa na wòmie la anye atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe, eye anyigba la dzi kutsetse anye adegbeƒonu kple atsyɔ̃ na Israel ƒe ame siwo tsi agbe.+  Woayɔ ame siwo kpɔtɔ ɖe Zion kple ame siwo wogblẽ ɖe Yerusalem, ame sia ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖi be wòanɔ agbe le Yerusalem la, be kɔkɔe.+  Ne Yehowa tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gbɔgbɔ kple dzobibi ƒe gbɔgbɔ+ klɔ Zion vinyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo* ɖa,+ eye wòklɔ ʋu si Yerusalem kɔ ɖi la ɖa le eme la,  ekema Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion To la katã kple eƒe takpeƒe la dzi le ŋkeke me, eye wòaɖo dzobibi keklẽ ɖa le zã me;+ agbadɔ anɔ eƒe ŋutikɔkɔe nɔƒe blibo la katã tame.  Eye agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli le ŋkeke me le ŋdɔkutsu nu,+ eye wòanye sitsoƒe kple bebeƒe tso ahom kple tsidzadza nu.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, srɔ̃maɖemaɖe kple vimadzimadzi ƒe ŋukpe.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mĩ.”