Yesaya 14:1-32

  • Israel anɔ eƒe anyigba dzi (1, 2)

  • Alɔmeɖeɖe le Babilon-fia ŋu (3-23)

    • Ame si le keklẽm age tso dziƒo (12)

  • Yehowa ƒe alɔ agbã Asiriatɔ la (24-27)

  • Nya ɖe Filistia ŋu (28-32)

14  Elabena Yehowa akpɔ nublanui na Yakob,+ eye wòagatia Israel.+ Aɖo wo* woƒe anyigba dzi,+ amedzrowo awɔ ɖeka kpli wo ahaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.+ 2  Dukɔ bubu me tɔwo akplɔ wo agbɔ va wo de, eye Israel ƒe aƒe la axɔ wo woazu etɔ ahanye eƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo+ le Yehowa ƒe anyigba dzi; woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woabɔbɔ ame siwo ƒoa du ɖe wo te be woawɔ dɔ tsã la ɖe anyi. 3  Gbe si gbe Yehowa ana gbɔdzɔe wò tso wò vevesese kple wò fuɖename kpakple dɔ sesẽ si wotsɔ do kluvi wòe me la,+ 4  àdo lo* sia ɖe Babilon-fia ŋu be: “Aleke wɔ ame si ƒoa du ɖe amewo te be woawɔ dɔ tsã la nu yi ale! Aleke ameteteɖeanyi nu tso ale!+  5  Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ati,Eŋe dziɖulawo ƒe atikplɔ,+  6  Ame si ƒoa dukɔwo le dɔmedzoe helĩhelĩ me atraɖii,+Ame si bɔbɔa dukɔwo ɖe anyi le dziku me hetia wo yome madzudzɔmadzudzɔe.+  7  Anyigba bliboa kpɔ gbɔdzɔe azɔ, edzi fa. Amewo de asi aseyetsotso me.+  8  Sesewuwo kpleLebanon ƒe sedertiwo ke hã kpɔ dzidzɔ le tawò Hele gbɔgblɔm be: ‘Tso esime nèdze anyi la,Atitsola aɖeke megatso ɖe mía ŋu kpɔ o.’  9  Dzo ɖo lãme na Tsiẽƒe* le to me ke hã le tawòBe yeakpe wò ne èva. Enyɔ ame siwo katã ŋu wɔna vɔ le le ku me la le tawò,Anyigbadziɖula sẽŋutawo* katã. Ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe zikpuiwo dzi. 10  Wo katã wobia wò be:‘Ðe wò hã nèva gbɔdzɔ abe míawo ke enea? Èva zu abe míawo ke enea? 11  Keke Tsiẽƒe* kee wò dada,Wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi la va do ɖo.+ Nyéviwo ɖo ɖe tewò abe aba ene;Ŋɔwo tsyɔ dziwò.’ 12  Aleke nège tso dziƒoe ale,Oo, wò ame si le keklẽm, agudzevi! Aleke wolã wò ƒu anyi ale,Wò, ame si ɖu dukɔwo dzi!+ 13  Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Malia ayi dziƒowo.+ Mali nye fiazikpui anyi ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame,+Eye manɔ anyi ɖe takpeto la dziLe dziehe ʋĩi ke.+ 14  Malia ayi alilikpowo tame;Mawɔ ɖokuinye abe Dziƒoʋĩtɔ la ene.’ 15  Ke hã, Tsiẽƒee* woahe wò ayii,Le to me ʋĩi ke. 16  Ame siwo kpɔ wò la afɔ ŋku ɖe dziwò gãa;Woalé ŋku ɖe ŋuwò nyuie ahabia be:‘Ame si na anyigba la dzo nyanyanya,Eye wòna fiaɖuƒewo ʋuʋu,+ 17  Ame si na anyigba zu gbegbe,Eye wògbã eƒe duwo,+Ame si meɖea asi le eƒe gamenɔlawo ŋu woyia aƒe o lae nye esia?’+ 18  Dukɔwo ƒe fia bubuawo katã,Ɛ̃, wo katã womlɔ anyi le bubu me,Wo dometɔ ɖe sia ɖe mlɔ eya ŋutɔ ƒe yɔdo* me. 19  Ke wotsɔ wò ya ƒu gbe, ɖiƒe meli na wò o,Èle ko abe nu miemie* si wotsri ene,Ame siwo tsi yi nu,Siwo wotsɔ ƒu gbe ɖe kpetowo me la, tsyɔ dziwò,Abe nu kuku si wofanya kple afɔ ene. 20  Womatsɔ wò akpe ɖe fia mawo ŋu le yɔ me o,Elabena ègblẽ wò ŋutɔ wò anyigba,Èwu wò ŋutɔ wò amewo. Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ŋkɔ gbeɖegbeɖe o. 21  “Midzra amewuƒe ɖo ɖi na viawo,Le wo tɔgbuiwo ƒe fɔɖiɖi ta,Ne woagatso axɔ anyigba la,Eye woatso duwo ɖe anyigba la dzi keŋ o.” 22  Aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔ be: “Matso ɖe wo ŋu.+ Matsrɔ̃ ŋkɔ, ame susɔewo, viwo kple dzidzimeviwo ɖa le Babilon,”+ Yehowa ye gblɔe. 23  “Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple tɔba me, eye matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe xa akplɔe,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 24  Aʋakɔwo ƒe Yehowa ka atam be: “Nu si meɖo ɖe tame la, eyae adzɔ;Ale si tututu meɖoe la, nenemae wòava emee. 25  Magbã Asiriatɔ la le nye anyigba dzi,Eye mafanyae ɖe nye towo dzi.+ Eƒe kɔkuti la aɖe ɖa le wo ŋu,Eye eƒe agba la aɖe ɖa le woƒe abɔta.”+ 26  Nu siae woɖo* ɖe anyigba blibo la katã ŋu,Esiae nye alɔ si wodo ɖe dzi ɖe dukɔwo katã ŋu.* 27  Elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo nu,Ame kae ate ŋu agblẽ eme?+ Edo alɔ ɖe dzi,Ame kae ate ŋu agbugbɔe?+ 28  Le ƒe si me Fia Ahaz ku la,+ woɖe gbeƒã sia be: 29  “Filistia, mèganɔ dzidzɔ kpɔm o, mia dometɔ aɖeke meganɔ dzidzɔ kpɔm,Be woŋe ati si le mia ƒom la o. Elabena da vɔ̃ɖi ado tso da la ƒe kè me,+Eye eƒe dzidzime anye da vɔ̃ɖi si lũa ʋɔ. 30  Ne ame tsɛwo ƒe ŋgɔgbeviwo ɖu nu,Eye ame dahewo mlɔ anyi dedie la,Matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò kè,Eye wò ame siwo susɔ la, woawu wo.+ 31  Oo, agbo, fa avi sesĩe! Oo, du, do ɣli! Oo, Filistia, dzi aɖe le mi katã mia ƒo! Elabena dzudzɔ tu tso dziehe gbɔna,Eye wo dometɔ aɖeke meɖe eɖokui ɖe aga le wo tɔwo ŋu o.” 32  Nya kae woatsɔ aɖo eŋu na dukɔ la ƒe ame dɔdɔawo? Eyae nye be, Yehowa ɖo Zion gɔme anyi,+Eye wòanye sitsoƒe na eƒe dukɔa ƒe hiãtɔwo.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ana gbɔdzɔe wo le.”
Alo, “àɖu fewu.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Anyigbadzigbɔ̃tsuwo.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aƒe.”
Alo, “atilɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Adaŋu siae wode.”
Alo, “alɔ si le dzi be yeaƒo dukɔwo katã.”