Yesaya 18:1-7

  • Nya ɖe Etiopia ŋu (1-7)

18  Baba na anyigba si dzi nu dzodzoe siwo ƒoa aʋala le,Le Etiopia-tɔsisiwo+ ƒe nuto me!   Edɔa amewo ɖa to atsiaƒu dzi,Eye wonɔa aƒlaʋuwo me toa tɔwo dzi gblɔna be: “Miheyi, mi dɔla ɖeablɛwo,Miyi dukɔ, si dzɔ atsu ƒlalu, si ŋu zrɔ̃ la gbɔ,Miyi dukɔ si wovɔ̃na na le afi sia afi,+Dukɔ sesẽ si ɖua duwo dzi,*Si ƒe anyigba tɔsisiwo kplɔ dzoe la gbɔ.”   Mi anyigbadzinɔlawo katã kple mi anyigbadzitɔwo,Nu si miakpɔ la, anɔ abe dzesitie wotu ɖe towo dzi ene,Eye miase gbeɖiɖi aɖe abe lãdzoe woku ene.   Elabena ale Yehowa gblɔ nam ye nye esi: “Manɔ anyi kpoo anɔ nɔnyeƒe kpɔm,*Anɔ abe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã le ŋdɔ me ene,Anɔ abe alilikpo si le zãmu dzam le nuŋeɣi ƒe dzoxɔxɔ me ene.   Elabena hafi nuŋeɣi naɖo,Esime seƒoɣi nu yi, eye seƒoƒo la zu waintsetse ɖiɖi la,Atsɔ hɛ gobɛ alã alɔ sueawo,Eye woalã eƒe kaawo ahaɖe wo ɖa.   Woagblẽ wo katã ɖi na todzixe ƒonuwoKple anyigbadzilãwo. Xe ƒonuwo anɔ edzi le dzomeŋɔli,Eye anyigbadzilãwo katã anɔ edzi le nuŋeɣi.   “Ɣemaɣi la, woatsɔ nunana vɛ na aʋakɔwo ƒe Yehowa,Tso dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, si ŋu zrɔ̃,Dukɔ si wovɔ̃na na le afi sia afi,Dukɔ sesẽ si ɖua duwo dzi,*Si ƒe anyigba tɔsisiwo kplɔ dzoe la gbɔYi Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, ƒe ŋkɔ nɔƒe, Zion To la dzi.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Dukɔ klitsu, si nyaa avuzi le ame dzi.”
Agate ŋu afia, “anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe.”
Alo, “Dukɔ klitsu, si nyaa avuzi le ame dzi.”