Yesaya 3:1-26

  • Yuda kplɔlawo kplɔ amewo trae (1-15)

  • Wodrɔ̃ ʋɔnu Zion nyɔnuvi ahiãmoɖolawo (16-26)

3  Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ vavã, aʋakɔwo ƒe Yehowa,Le ziɔɖeŋu kple kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe ɖem ɖa le Yerusalem kple Yuda,Aɖe abolo kple tsi siwo katã léa wo ɖe te,+   Aɖe ŋutsu kalẽtɔ kple aʋawɔla,Ʋɔnudrɔ̃la kple nyagblɔɖila,+ afakala kple dumemetsitsiwo,   Ame blaatɔ̃ ƒe tatɔ,+ bubume, aɖaŋuɖola,Akunyawɔla bibi kple gbesala bibi siaa ɖa.+   Matsɔ ɖeviwo aɖo amegãwoe ɖe wo nu,Eye ame maɖoŋuɖeŋua akplɔ wo.   Woasẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu,Ame sia ame ɖe ehavi ŋu.+ Ðevi atso ɖe ame tsitsi ŋu,Eye ame tsɛ atso ɖe bubume ŋu.+   Elabena wo dometɔ ɖe sia ɖe alé nɔvia le fofoa ƒe me agblɔ be: “Awu ʋlaya le asiwò—ɖu amegã ɖe mía dzi. Nànɔ glikpo sia nu.”   Aɖo eŋu na wo gbe ma gbe be: “Nyemele abi aɖeke bla ge na mi o;*Abolo alo awu ʋlaya hã mele aƒenye me o. Migatsɔm ɖo amegã ɖe dukɔ la dzi o.”   Elabena Yerusalem kli nu,Eye Yuda dze anyi,Le esi wotsɔ woƒe nya kple nuwɔnawo tso ɖe Yehowa ŋu,Eye wodze aglã le Kɔkɔetɔ la ŋkume ta.+   Woƒe moɖoɖo ɖeɖe hã le ha ɖem wo,Eye woɖea woƒe nu vɔ̃ si le abe Sodom tɔ ene la gblɔna.+Womeɣlae o. Baba na wo!* Elabena wole gbegblẽ hem va wo ɖokuiwo dzi. 10  Migblɔ na ame dzɔdzɔewo be eme anyo na wo;Woaɖo woƒe nuwɔnawo teƒe na wo.*+ 11  Baba na ame vɔ̃ɖi! Gbegblẽ ava edzi,Elabena woaxe nu si eƒe asiwo wɔ la ŋuti fetu nɛ! 12  Ke nye dukɔ la ƒe kplɔlawo ƒe nya me sẽ,Eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi. Oo, nye dukɔ, kplɔwòlawo na nèle tsaglãla tsam,Eye wobaɖa wò afɔtoƒewo.+ 13  Yehowa le enɔƒe be yeahe nya ɖe go;Ele tsitrenu be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo. 14  Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ ƒe ametsitsiwo kple amegãwo. “Mietɔ dzo waingble la,Eye nu si mieda adzo ame dahe xɔ le esi la le miaƒe xɔwo me.+ 15  Mɔ kae miekpɔ be miegbã nye dukɔ la gudugudu,Eye mietigi ame dahewo ƒe mo ɖe ke me?”+ Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 16  Yehowa be: “Esi Zion vinyɔnuwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi,Eye wowua mo dzi* nɔa yiyim,Heɖoa ahiãmo nɔa atsyãzɔli zɔm,Eye woƒe afɔgɛwo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋgleŋ ta la, 17  Yehowa hã ana Zion vinyɔnuwo ƒe dzodome nade akpa,Eye Yehowa ana woƒe ŋgonu nakpa.+ 18  Gbe ma gbe Yehowa aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonu siwo nye afɔgɛwo,Ŋgoblanuwo, atsyɔ̃ɖonu gobɛwo,+ 19  Togɛwo,* alɔnugɛwo, motsyɔnuwo, 20  Tatsyɔnuwo, afɔkɔsɔkɔsɔwo, akɔtablanuwo,Ami ʋeʋĩ goewo* kple sebɛwo,* 21  Asigɛwo, ŋɔtigɛwo, 22  Atsyɔ̃ɖowuwo, awudziwuiwo, awu ʋlayawo, gakploviwo, 23  Asihuhɔ̃ewo,+ aklalawuwo,*Tablanuwo kple motsyɔnuwo ɖa. 24  “Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe balsam-mi+ ƒe ʋeʋẽ teƒe;Ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe;Tabebe+ axɔ ɖe atsyãɖaƒoƒo teƒe;Akpanya+ axɔ ɖe awu xɔasiwo teƒe;Dzobi axɔ ɖe tugbedzedze teƒe. 25  Wò ŋutsuwo atsi yi nu,Eye wò kalẽtɔwo atsi aʋa.+ 26  Eƒe agbowo afa konyi ahaxa nu,+Eye woaɖi gbɔlo ahabɔbɔ nɔ anyigba.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Nyemanye miaƒe gbedala o.”
Alo, “na woƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woaɖu woƒe nuwɔnawo me tsonuwo.”
Alo, “wolia kɔ ganɛ.”
Alo, “togɛ legbeewo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “luʋɔxɔwo.”
Alo, “tilawo.”
Alo, “awutewuiwo.”