Lododowo 3:1-35

  • Dze nunya eye nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu (1-12)

    • Tsɔ wò nunɔamesiwo de bubu Yehowa ŋu (9)

  • Nunya hea dzidzɔ vanɛ (13-18)

  • Nunya kpɔa ame ta (19-26)

  • Nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu nyuie (27-35)

    • Wɔ nyui na amewo ne ŋutete le ŋuwò (27)

3  Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame* be o,Eye wò dzi nèku ɖe nye sededewo ŋu,   Elabena woahe agbe didi,Agbenɔƒewo kple ŋutifafa vɛ na wò.+   Lɔlɔ̃ vavã kple nuteƒewɔwɔ* megate ɖa le gbɔwò o.+ Tsɔ wo de kɔ;Ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi;+   Ekema amenuveve kple gɔmesese nyui asu asiwòLe Mawu kple amegbetɔwo ŋkume.+   Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu+ tso dzi blibo me,Eye mègaɖo ŋu ɖe* wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o.+   Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi,+Ekema ana wò mɔwo nadzɔ.+   Mèganye nunyala le ɖokuiwò ŋkume o.+ Vɔ̃ Yehowa, eye nàtsri vɔ̃.   Esia ada gbe le ŋuwò,*Eye wòana wò ƒuwo me nafa miaa.   Tsɔ wò nunɔamesi veviwo+Kple wò agblemenuwo* katã ƒe gbãtɔwo* de bubu Yehowa ŋu;+ 10  Ekema nu ayɔ wò ava taŋtaŋ,+Eye wain yeye ayɔ wò ahazewo* agbagba. 11  Vinye, mègagbe Yehowa ƒe amehehe o,+Eye eƒe mokaname megati wò o,+ 12  Elabena ame siwo Yehowa lɔ̃na lae wòkaa mo na,+Abe ale si ko vifofo wɔna na via si gbɔ melɔ̃a nu le o la ene.+ 13  Dzidzɔtɔe nye ame si ke ɖe nunya ŋu+Kple ame si si nugɔmesese su; 14  Elabena eƒe amesinɔnɔ nyo wu klosalo ƒe amesinɔnɔ,Eye eƒe viɖe ƒo sika ta.+ 15  Exɔ asi wu adzagba,*Eye nu siwo dzroa wò la dometɔ aɖeke mede enu o. 16  Elé agbe didi ɖe ɖusi;Eye wòlé kesinɔnuwo kple bubu ɖe mia. 17  Eƒe mɔwo nye vivisesemɔ,Eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa sɔŋ.+ 18  Agbeti wònye na ame siwo lée ɖe asi,Eye woayɔ ame siwo vàe goŋgoŋ la be dzidzɔtɔwo.+ 19  Nunyae+ Yehowa tsɔ ɖo anyigba la gɔme anyi. Nugɔmesesee+ wòtsɔ li ke dziƒowo. 20  Eƒe sidzedzee na tsi goglowo me ma,Eye wòna alilikpowo dza zãmu.+ 21  Vinye, mègana wòadzo le ŋku dzi na wò o.* Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu, 22  Ekema woanye agbe na wò,*Kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ; 23  Ekema àlé wò mɔ atsɔ dedie,Eye wò afɔ makli nu gbeɖe o.+ 24  Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ naneke o;+Àdɔ alɔ̃, eye alɔ̃ avivi nuwò.+ 25  Ŋɔdzi si ava kpoyi la mado vɔvɔ̃ na wò o,+Eye ahom si gbɔna ame vɔ̃ɖiwo dzi hã matso dzika ƒo na wò o.+ 26  Elabena Yehowa anye wò ŋuɖoɖeŋutɔ;+Aɖe wò afɔ tso mɔ̃tetrewo me.+ 27  Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo wòle be nàwɔe na,*+Nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.+ 28  Mègagblɔ na hawòvi be, “Heyi, eye nàgatrɔ ava, etsɔ ne mana wò,” Evɔ nu le asiwò nànae fifia hafi o. 29  Mègaɖo vɔ̃ aɖeke ɖe hawòvi ŋu,+Esime wòɖe dzi ɖi le gbɔwò o. 30  Mègawɔ dzre kple ame aɖeke yakatsyɔ+Ne mewɔ vɔ̃ aɖeke wò o.+ 31  Mègaʋã ŋu ŋutasẽnuwɔla o,+Eye eƒe mɔ aɖeke meganyo ŋuwò o, 32  Elabena Yehowa nyɔa ŋu ameflula,+Ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.+ 33  Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe dzi,+Ke eyraa ame dzɔdzɔewo ya ƒe aƒe.+ 34  Elabena eɖua fewu le fewuɖulawo+ ŋu,Ke evea ɖokuibɔbɔlawo+ ya nu. 35  Bubu anye nunyalawo ƒe domenyinu,Ke bometsilawo ya, ŋukpenanue nye woƒe adegbeƒonu.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nye se.”
Alo, “nyateƒe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mègaziɔ ɖe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le wò ƒoƒoli ŋu.”
Alo, “ƒe nyuitɔ kekeake.”
Alo, “wò dɔwɔwɔ me tsonuwo.”
Alo, “wainfiãƒewo.”
Mawu ƒe nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui siwo do ŋgɔ mee wowɔnɛ.
Alo, “na wò luʋɔ.”
Alo, “ame siwo dze nɛ.”