Lododowo 7:1-27
7 Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi,Eye nàdzra nye sededewo ɖo abe kesinɔnu ene.+
2 Lé nye sededewo me ɖe asi, ne nànɔ agbe;+Lé be na nye nufiamewo* abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene.
3 Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu;Eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.+
4 Gblɔ na nunya be, “Nɔvinyenyɔnu nènye,”
Eye nàyɔ gɔmesese be, “nye ƒometɔ,”
5 Ne woakpɔ tawò tso nyɔnu dzeha* si me,+Tso nyɔnu ahasitɔ* si ɖea ami ɖe eƒe nyawo* la si me.+
6 Menɔ nye xɔ ƒe fesre nuNɔ nu kpɔm to adzrala me,
7 Eye esi menɔ ŋku lém ɖe ɖekemanyalawo* ŋu la,Mede dzesi ɖekakpui aɖe si si tagbɔ mele o*+ la le sɔhɛwo dome;
8 Eto mɔdodo si le nyɔnu aɖe ƒe dzogoe dzi yina,Eye wòzɔ ɖo ta eƒe aƒe gbɔ
9 Le fiẽ, esime xexea me nɔ tsyɔtsyɔm,+Esime zã kple blukɔ nɔ dodom.
10 Eye mekpɔ nyɔnu aɖe va do goe,Edzra ɖo abe gbolo ene,*+ eye ayedzedze le dzi me nɛ.
11 Eƒe gbe dea dzi, eye metsɔa ɖeke le naneke me o.+
Metɔna* ɖe aƒe me o.
12 Kaka nàkpɔa, eyae nye ema le gota, kasia eyae nye ekem le ablɔ me,Eye wòdea xa ɖe dzogoewo katã dzi.+
13 Elée hegbugbɔ nu nɛ;Eɖo mo ta, eye wògblɔ nɛ be:
14 “Ele nam be masa ŋutifafavɔwo.+
Mexe nye adzɔgbeɖefewo egbea.
15 Esia tae medo va be mado go wò ɖo;Medi wò, eye meke ɖe ŋuwò azɔ!
16 Meɖo abadzivɔ nyuiwo ɖe nye aba dzi,Egipte ƒe avɔ ŋɔŋɔewoe wonye.+
17 Mewu ami ʋeʋĩ siwo nye mire, aloe kple sinamɔn ɖe nye aba dzi.+
18 Va míano lɔlɔ̃ va se ɖe ŋdi wòaɖi kɔ na mí;Na míawɔ lɔlɔ̃ wòasu mí,
19 Elabena srɔ̃nye mele aƒea me o;Eyi mɔ dzi, ezɔ mɔ didi aɖe.
20 Etsɔ gakotoku ɖe asi yii.Gbe si gbe dzinua sɔ tegblẽe ko hafi wòagbɔ va aƒe.”
21 Etsɔ eƒe amenubeble geɖeawo flui.+
Etsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la ble enu.
22 Kasia edze eyome kɔ̃ɔ, abe nyitsu si wokplɔ yina wuwu ge ene,Abe bometsila si woyina pã bɔ gee* ene,+
23 Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã;Ele abe xevi si lũ ɖe mɔ̃ dzi, eye menyae be yeƒe agbe* atsi eme o la ene.+
24 Eya ta vinyewo, miɖo tom;Eye milé to ɖe nye nyawo ŋu.
25 Mègana wò dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu o.
Mègatra yi eƒe toƒewo o,+
26 Elabena ame siwo tsi esi me heɖo baba ɖi la sɔ gbɔ,+Eye ame siwo wòwu la mele xexlẽ me o.+
27 Eƒe aƒe la, Tsiẽƒe* ƒe mɔ wònye;Eɖo ta ku ƒe xɔgãwo me.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “nye sewo.”
^ Alo, “nyɔnu aɖeŋanɛtɔ.”
^ Alo, “ame makpɔnuteƒewo.”
^ Alo, “si si dzi nyanu mele o.”
^ Alo, “Eta gbolovɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eƒe afɔ metɔna.”
^ Alo, “woyina kunyowu de gee.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.