Lododowo 28:1-28
28 Ame aɖeke menyaa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu hafi wosina o,Ke ame dzɔdzɔewo ya, dzi le wo ƒo abe dzata* ene.+
2 Ne dzidada* sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi la, dziɖula geɖewo vana ɖe wo nɔewo yome,+Gake to nugɔmesela nyanu ɖeka ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, dziɖula anɔ anyi eteƒe nadidi.+
3 Ame dahe si tafaa hiãtɔ+ laLe abe tsidzadza si kplɔa nuɖuɖu ɖe sia ɖe dzonae la ene.
4 Ame siwo gbe nu le se gbɔ la kafua ame vɔ̃ɖiwo,Ke ame siwo léa se me ɖe asi la doa dziku ɖe wo ŋu.+
5 Nu vlo wɔlawo mate ŋu ase nu si le dzɔdzɔe gɔme o,Ke ame siwo dia Yehowa ya ate ŋu ase nu sia nu gɔme.+
6 Ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o laNyo wu kesinɔtɔ si wɔa nu fitifiti.+
7 Vi senugɔme léa se la me ɖe asi,Ke vi si dea ha kple nu tsu ɖulawo la, dea ŋukpe mo na fofoa.+
8 Ame si tsɔa demexɔxɔ+ kple viɖe ƒoɖi dzia eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi la,Ðeko wòle kɔ lim nuwo ɖi na ame si vea ame dahewo nu.+
9 Ame si doa toku se la,Eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.+
10 Ame si kplɔ nu dzɔdzɔe wɔla to mɔ vɔ̃ dzi la, age adze do si eya ŋutɔ ɖe la me,+Ke fɔmaɖilawo anyi nu nyuiwo dome.+
11 Kesinɔtɔ bua eɖokui nunyalae,+Ke ame dahe si si nugɔmesese le la kpɔa ame si ƒomevi wònye.+
12 Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la, atsyɔ̃ɖoɖo teƒe mekɔna o,Ke ne ame vɔ̃ɖi ƒe alɔ de dzi la, amewo sina bena.+
13 Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o,+Ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.+
14 Dzidzɔtɔe nye ame si nɔa ŋudzɔ* ɣeawokatãɣi,Ke ame si sẽa dzi me goŋgoŋ la, gbegblẽ ava edzi.+
15 Ame vɔ̃ɖi si le wɔnamanɔŋutɔwo dzi ɖum laLe abe dzata si le gbe tem kple sisiblisi si lũ ɖe nu dzi ene.+
16 Kplɔla si si nugɔmesese mele o la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu,+Ke ame si léa fu viɖe ƒoɖi la, adzi eƒe agbenɔƒewo ɖe edzi.+
17 Ame si wu ame heɖi ʋufɔ* la, sisim ko wòanɔ va se ɖe esime wòayi yɔdo me.*+
Ame aɖeke megaxɔ nɛ o.
18 Woaxɔ na ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la,+Ke ame si ƒe mɔwo le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la adze anyi kpata.+
19 Ame si dea eƒe agble la, abolo abɔ ɖe esi,Ke ame si tia nu maɖinuwo yome la, ahedada atso aƒe ɖe egbɔ.+
20 Woayra nuteƒewɔla geɖe,+Ke ame si tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, fɔɖiɖi magbe eŋu nɔnɔ o.+
21 Amedzidede menyo o;+Ke ame ate ŋu ada vo le abolo kakɛ dzro ko ta.
22 Ŋubiãla* le yɔyɔm ɖe kesinɔnuwo ŋu,Ke menya be hiã ava tu ye o.
23 Ame si gbea nya na ame la,+ woave enu geɖe emegbe+
Wu ame si ɖɔa kesekuku na ame.
24 Ame si daa adzo fofoa kple dadaa hegblɔna be, “Medze vɔ̃ o”+ la,Nugblẽla xɔlɔ̃ wònye.+
25 Ŋuklẽla* dea dzre aƒe,Ke ame si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, nu adze edzi nɛ.*+
26 Ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe dzi ŋu la, bometsilae,+Ke ame si zɔna le nunya me la, anɔ dedie.+
27 Ame sia ame si naa nu ame dahe la, naneke mahiãe o,+Ke ame si miaa ŋku ɖe woƒe hiahiãwo dzi la, woado ɖiŋu nɛ geɖe.
28 Ne ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ de dzi la, amewo sina bena,Ke ne wo nu yi la, ame dzɔdzɔewo dzina ɖe edzi.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “dzatatsui.”
^ Alo, “aglãdzedze.”
^ Alo, “ame si me mawuvɔvɔ̃ le.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame si ɖi luʋɔ aɖe ŋuti ʋufɔ.”
^ Alo, “aʋli me.”
^ Alo, “Ŋuklẽla.”
^ Agate ŋu afia, “Luʋɔ si dana.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ada ami.”