Lododowo 18:1-24
18 Ame sia ame si ɖea eɖokui ɖe aga la le eya ŋutɔ ƒe nudzodzrowo yome tim;Etsia tre ɖe nunyawo katã ŋu.*
2 Bometsila mekpɔa dzidzɔ ɖe gɔmesese ŋu o;Ke boŋ nu si le eƒe dzi mee wòɖena ɖe go.+
3 Ne ame vɔ̃ɖi va do ko la, ekema vlododo hã va dona,Eye ŋukpe kple vlodoamee zɔna.+
4 Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo.+
Nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim bɔbɔbɔ.
5 Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi+Alo woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnu o.+
6 Bometsila ƒe nyawo dea dzre aƒe,+Eye eya ŋutɔ ƒe nue nana wòdzena na ƒoƒo.+
7 Bometsila ƒe nue nye eƒe gbegblẽ,+Eye eƒe numenyawo nye mɔ̃ na eƒe agbe.*
8 Ameŋugblẽla ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene;*+Wominɛ wòyina keke dɔgbo me ke.+
9 Ame sia ame si wɔa kuvia le eƒe dɔ ŋu la,Nugblẽla nɔvi wònye.+
10 Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ́ sesẽ.+
Afi mae ame dzɔdzɔe la sina yina eye wònɔa dedie.*+
11 Kesinɔtɔ ƒe kesinɔnuwoe nye eƒe du sesẽ;Eye wòbunɛ be enye gli sesẽ si akpɔ ye ta.+
12 Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã,+Eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.+
13 Ne ame aɖe ɖo nya ŋu hafi va se eŋu nyateƒenyawo la,Bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.+
14 Ame ƒe gbɔgbɔ ate ŋu alée ɖe te le eƒe dɔléɣi,+Ke ame kae ate ŋu anɔ te ɖe gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nu?*+
15 Sidzedze sua nugɔmesela ƒe dzi si,+Eye nunyalawo ƒe to dia sidzedze yome mɔ.
16 Nunana ʋua mɔ na nunala;+Enana wodona ɖe ame ŋkutawo ŋkume.
17 Ame gbãtɔ si va gblɔ eƒe nya la dzena ame dzɔdzɔe,+Va se ɖe esime ame evelia va bia gbee.*+
18 Nudzidze tsia dzre nu,+Eye wòtsoa nya me na* hoʋlila sesẽwo.
19 Nɔvi si ŋu woda vo ɖo la tri akɔ wu du sesẽ,+Eye dzre aɖewo le abe mɔ́ sesẽ ƒe gameti ene.+
20 Ame ƒe nu ƒe kutsetse ana wòaɖi ƒodo;+Nu siwo do tso eƒe nu me la aɖi ƒo nɛ.
21 Ku kple agbe le aɖe la si me;+Ame siwo lɔ̃a ezazã la aɖu eƒe kutsetse.+
22 Ame si kpɔ srɔ̃nyɔnu nyui la, eƒe asi su nu nyui dzi,+Eye amenuveve wònye tso Yehowa gbɔ nɛ.+
23 Ame dahe ɖea kuku ne ele nu ƒom,Ke kesinɔtɔ daa gbe ɖe ame gbɔ.
24 Xɔlɔ̃ aɖewo li siwo gblẽa wo nɔewo dome,+Gake xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “Edoa vlo nunyawo katã.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “abe nuɖuɖu vivi si woaɖu hamham ene.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wodanɛ ɖe kɔkɔƒe,” efia be asi matui o, anɔ dedie.
^ Alo, “anɔ te ɖe dziɖeleameƒo keŋkeŋ nu?”
^ Alo, “va ʋu goe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòléa avu.”