Lododowo 24:1-34
24 Mègaʋã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o,Eye megadzro wò be nàde ha kpli wo o,+
2 Elabena woƒe dzi bua ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu,Eye woƒe nuyiwo gblɔa vɔ̃ ko.
3 Nunyae wotsɔna tua xɔe,*+Eye nugɔmesesee wotsɔna lia kee.
4 Sidzedzee wotsɔna deaKesinɔnu veviwo kple nu nyoameŋu vovovowo xɔwo me taŋtaŋ.+
5 Ame si si nunya le la, ŋusẽ le esi,+Eye sidzedzee wotsɔna dzia ŋusẽ ɖe edzii.
6 Mɔfiame nyuitɔe nàtsɔ awɔ wò aʋae,+Eye aɖaŋuɖola* geɖewo dzie wotona kpɔa dziɖuɖu.*+
7 Nunya vavãtɔ mate ŋu asu bometsila si o;+Nya aɖeke mele esi wòagblɔ le dugbo la nu o.
8 Ame si ɖoa vɔ̃ be yeawɔ la,Woayɔe be susu vɔ̃ ɖolawo ƒe amegã.+
9 Bometsinuwo ɖoɖo ɖe tame* nye nu vɔ̃,Eye fewuɖula nye ŋunyɔ na amewo.+
10 Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe* la,Ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.
11 Xɔ na ame siwo wokplɔ yina wuwu ge,Eye ɖe ame siwo le ya mum sagasaga ɖo ta wo wuƒe la.+
12 Ne ègblɔ be, “Míenya naneke tso esia ŋu o” la,
Ðe Ame si dzroa dziwo* me kpɔna la ŋutɔ madze sii oa?+
Ɛ̃, Eya ame si ƒe ŋku le ŋuwò* la anyae,Eye wòaɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.+
13 Vinye, no anyitsi, elabena enyo;Anyitsi si tso anyixe me vivina le veme.
14 Nyae be nenema kee nunya hã nyo na wò.*+
Ne èke ɖe eŋu la, ekema eme anyo na wò le etsɔme,Eye wò mɔkpɔkpɔ nu mayi o.+
15 Mègaɖo tame vɔ̃ ade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o;Mègagblẽ eƒe gbɔɖemeƒe o.
16 Elabena ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ,+Ke ame vɔ̃ɖiwo ya la, vɔ̃ ahe wo aƒu anyi.+
17 Ne wò futɔ dze anyi la, mègakpɔ dzidzɔ o,Eye ne ekli nu la, wò dzi megatso aseye o;+
18 Ne menye nenema o la, Yehowa akpɔ esia eye manyo eŋu o,Eye wòadzudzɔ dzikudodo ɖe eŋu.*+
19 Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ta o;Mègaʋã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o,
20 Elabena etsɔme aɖeke meli na ame vlowo o;+Ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi atsi.+
21 Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la.+
Mègade ha kple tsitretsiɖeŋulawo* o,+
22 Elabena gbegblẽ ava wo dzi kpoyi.+
Eye ame kae nya vɔ̃ si wo kple evea* ahe ava wo dzi?+
23 Nya siawo hã tso nunyala gbɔ:
Ameŋkumekpɔkpɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.+
24 Ame si gblɔna na ame vɔ̃ɖi be, “Tɔwò dzɔ”+ la,
Amewo ado ɖiŋu nɛ, eye dukɔwo ahe nya ɖe eŋu vevie.
25 Ke ame siwo kaa mo nɛ la, eme anyo na wo,+Eye woatsɔ nu nyuiwo ayra wo.+
26 Ame si ɖoa nya ŋu ale si tututu wòle la, woagbugbɔ nu nɛ.*+
27 Wɔ wò gotadɔwo, eye nàna nu sia nu nasɔ gbe le wò agble me;Eyome nàtu wò xɔ.*
28 Mèganye ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro o.+
Mègatsɔ wò nuyiwo ble amewo o.+
29 Mègagblɔ be: “Ale si tututu wòwɔm la, nenemae mawɔe;Maɖo eteƒe nɛ ɖe eƒe nuwɔna nu” o.+
30 Meto kuviatɔ ƒe agble ŋu,+Ame si nunya mele tagbɔ na o* ƒe waingble ŋu yi.
31 Mekpɔ be gbe to ɖe eme fũu;Dza xɔ eme keŋ,Eye eƒe glikpɔ la mu.+
32 Melé ŋku ɖe esia ŋu, eye metsɔe de dzi me;Mekpɔe, eye nu si mesrɔ̃ tso emee nye be:*
33 Gadɔ alɔ̃ vie, gadɔ akɔlɔ̃e sẽe,Gade asi asitɛ me nàgbɔ ɖe eme vie,
34 Ekema ahedada aɖi ɖe wò abe fiafi ene,Eye hiã aƒo ɖe dziwò kpoyi abe adzoblasu ene.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “tua aƒemetɔwo ɖoe.”
^ Alo, “adaŋudela.”
^ Alo, “dzidzedze; ɖeɖe.”
^ Alo, “Bometsila ƒe tame vɔ̃ ɖoɖo.”
^ Alo, “xaxaɣi.”
^ Alo, “susuwo.”
^ Alo, “le wò luʋɔ ŋu.”
^ Alo, “nunya avivi wò luʋɔ nu.”
^ Efia, futɔ la ŋu.
^ Alo, “tɔtrɔdilawo.”
^ Efia, Yehowa kple fia la.
^ Agate ŋu afia, “Nyaŋuɖoɖo si le eteƒe tututu la le abe nugbugbɔ ene.”
^ Alo, “Eyome nàɖo wò ƒome anyi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame si si dzi nyanu mele o.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wòzu nuxɔxlɔ̃ nam be:”