Lododowo 4:1-27

  • Vifofo ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le (1-27)

    • Ƒle gɔmesese (7)

    • Ƒo asa na mɔ vɔ̃wo (14, 15)

    • Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe nɔa kɔkɔm ɖe edzi (18)

    • “Dzɔ wò dzi ŋu” (23)

4  Mi viwo, mise mia fofo ƒe amehehe;+Miɖo to, ne gɔmesese nasu mia si,   Elabena mɔfiame nyui nam mele mi;Migagbe nye nufiame* o.+   Vi vavã aɖee menye na fofonye,+Eye vi malɔ̃nugbɔe menye na danye.+   Efia num eye wògblɔ nam be: “Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu vevie.+ Lé nye sededewo me ɖe asi, ne nànɔ agbe.+   Ƒle nunya, eye nàƒle gɔmesese.+ Mègaŋlɔe be o, eye mègate ɖa le nye nyawo ŋu o.   Mègagblẽe ɖi o, ekema adzɔ ŋuwò. Lɔ̃e, ekema akpɔ tawò.   Nunyae nye nu vevitɔ,+ eya ta dze nunya,Eye hekpe ɖe nu siwo katã su asiwò ŋu la, ƒle gɔmesese+ hã.   De asixɔxɔ gã eŋu, ekema ado wò ɖe dzi.+ Kpla asi kɔ nɛ, ekema ahe bubu vɛ na wò.+   Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe ta na wò;Atsyɔ̃fiakuku wòanye le ta na wò.” 10  Vinye, see, eye nàxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe,Ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.+ 11  Mafia nunyamɔ wò;+Eye makplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo.+ 12  Ne èle zɔzɔm la, naneke maɖo ata me na wò o;Eye ne èle du ƒum la, màkli nu o. 13  Và amehehe goŋgoŋ; mègana wòado le asiwò me o.+ Lé eme ɖe asi, elabena eyae nye wò agbe.+ 14  Mègaɖo afɔ ame vɔ̃ɖiwo toƒe o,Eye mègazɔ ame baɖawo ƒe mɔ dzi o.+ 15  Ƒo asa nɛ, mègato edzi o;+Dze to afi bubu, nàto eŋu ayi.+ 16  Elabena ne womewɔ vɔ̃ o kpaa, womedɔa alɔ̃ o. Ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃ buna ɖe wo. 17  Elabena vɔ̃ɖinyenyee nye abolo woɖuna,Eye ŋutasesẽe nye aha wonona. 18  Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeliSi nɔa kɔkɔm ɖe edzi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.+ 19  Ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe blukɔ ene;Womenya nu si na wole nu klim o. 20  Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu;Ƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu nyuie. 21  Womegate ɖa le ŋkuwòme o;Dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeƒe ke,+ 22  Elabena agbe wonye na ame siwo kena ɖe wo ŋu,+Kple lãmesẽ na ameti* blibo la. 23  Dzɔ wò dzi ŋu+ wu nu bubu ɖe sia ɖe,Elabena eya mee agbe tsona. 24  Nya totrowo meganɔ nu na wò o,+Te alakpanuyi ɖa xaa tso ɖokuiwò gbɔ. 25  Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe,Ɛ̃, wò ŋku nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò tẽe.*+ 26  Ðe toƒe sɔsɔe na wò afɔ,*+Ekema kakaɖedzi anɔ wò mɔwo katã ŋu. 27  Mègadze ɖe ɖusi alo mia me o.+ Te wò afɔ ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nye se.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”
Alo, “wò ŋku siwo dzi kɔ la nekpɔ ŋgɔwò tẽe.”
Alo, “Lé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu nyuie.”