Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Lɔ̃ Yehowa Wò Mawu La’

‘Lɔ̃ Yehowa Wò Mawu La’

“Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.”MAT. 22:37.

1. Nu kae na lɔlɔ̃ si le Mawu kple Via dome nu sẽ ɖe edzi?

YEHOWA ƒe Vi Yesu Kristo gblɔ be: “Melɔ̃ Fofo la.” (Yoh. 14:31) Yesu gagblɔ hã be: “Fofo la lɔ̃a Vi la.” (Yoh. 5:20) Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Elabena le ƒe gbogbo siwo Yesu nɔ dziƒo hafi va anyigba dzi me la, enye Mawu ƒe “dɔnunɔla.” (Lod. 8:30) Esi Yehowa kple Yesu wonɔ dɔ wɔm ɖekae la, Vi la srɔ̃ nu geɖe tso Fofoa ƒe nɔnɔmewo ŋu, eye susu geɖe li siwo tae wòlɔ̃ Fofoa ɖo. Le nyateƒe me la, hadede kplikplikpli na woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nu sẽ ale gbegbe.

2. (a) Nu kae lɔlɔ̃ fia? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ne èlɔ̃ ame aɖe la, efia be amea ƒe nu nyo ŋuwò vevie. Hakpala David gblɔ be: “Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” (Ps. 18:2) Nenemae wòle be míase le mía ɖokui me ɖe Mawu ŋu, elabena míaƒe nu nyoa eŋu vevie. Ne míeɖoa to Yehowa la, alɔ̃ mí. (Mixlẽ 5 Mose 7:12, 13.) Gake ɖe míate ŋu alɔ̃ Mawu ŋutɔŋutɔ esi míekpɔnɛ kple ŋku oa? Nu kae wòfia be míalɔ̃ Yehowa? Nu ka tae wòle be míalɔ̃e? Aleke míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu?

NU SI TAE MÍATE ŊU ALƆ̃ MAWU

3, 4. Nu ka tae míate ŋu alɔ̃ Mawu?

3 “Mawu nye Gbɔgbɔ,” eya tae míate ŋu akpɔe kple ŋku o  ɖo. (Yoh. 4:24) Ke hã míate ŋu alɔ̃ Yehowa, eye Ŋɔŋlɔawo de se na mí be míalɔ̃e. Le kpɔɖeŋu me, Mose gblɔ na Israel viwo be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.”5 Mose 6:5.

4 Nu ka tae míate ŋu alɔ̃ Mawu vevie? Nu si tae nye be esi wòwɔ mí la, ede didi mía me be míasubɔ ye, eye wòna ŋutete mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia. Ne míenya Yehowa nyuie hesubɔe la, lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la dea to ɖe edzi eye esia nana míekpɔa dzidzɔ. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mat. 5:3) Aƒetɔ A. C. Morrison gblɔ ku ɖe didi si le amegbetɔwo me be yewoasubɔ Mawu ŋu be: “Ele be ale si amewo le ŋusẽkatãtɔ la dimee le xexea me katã kple ale si woxɔ edzi se la nawɔ nuku na mí, wòana míavɔ̃e, eye míade bubu deto eŋu.”Man Does Not Stand Alone.

5. Aleke míewɔ nya be míate ŋu ake ɖe Mawu ŋu?

5 Ðe míate ŋu ake ɖe Mawu ŋua? Ɛ̃ míate ŋui, elabena edi be míate ɖe ye ŋu. Apostolo Paulo na esia me kɔ esime wònɔ nu ƒom na ameha siwo ƒo ƒu ɖe Areopago si le blemadu Atene me. Atenetɔ geɖe xɔe se be ehiã be yewoayi aɖasubɔ le mawunɔ Atena ƒe gbedoxɔ me. Tsɔe be ènɔ eteƒe esi Paulo ƒo nu tso “Mawu si wɔ xexea kple nu siwo katã le eme” la ŋu eye wòɖe eme be “menɔa gbedoxɔ siwo wotsɔ asi wɔ la me o.” Apostoloa gblɔ kpee be, Mawu wɔ “amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi, eye wòɖo ɣeyiɣi ɖoɖiwo kple amegbetɔwo nɔƒewo ƒe liƒowo ɖi, bene woadi Mawu, ne ɖe woatsa asi adii kura gɔ̃ hã, ne woake ɖe eŋu vavã, togbɔ be le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔw. 17:24-27) Nyateƒee, amewo ate ŋu ake ɖe Mawu ŋu. Mí Yehowa ƒe Ðasefo siwo wu miliɔn adre kple afã la ‘míeke ɖe eŋu’ helɔ̃e hã vavã.

NU SI WÒFIA BE MÍALƆ̃ MAWU

6. Nu kae Yesu gblɔ be eyae nye “sedede gãtɔ kple gbãtɔ”?

6 Ele be míalɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me. Yesu na esia me kɔ na Farisitɔ aɖe si biae be: “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ.”Mat. 22:34-38.

7. Nu kae wòfia be míalɔ̃ Mawu kple (a) míaƒe “dzi blibo”? (b) míaƒe “luʋɔ blibo”? (d) míaƒe “tamesusu blibo”?

7 Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be míalɔ̃ Mawu kple míaƒe “dzi blibo”? Esia fia be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe kpɔɖeŋudzi bliboa, si lɔ míaƒe didiwo, míaƒe nɔnɔmewo, kple míaƒe seselelãmewo ɖe eme. Ele be míalɔ̃e kple míaƒe “luʋɔ blibo” hã, si fia míaƒe agbe alo ame bliboa. Hekpe ɖe eŋu la, ele be míalɔ̃ Mawu kple míaƒe “tamesusu blibo,” sia fia míaƒe tamebubu kple nuŋububu katã. Eya ta eƒe nyawo fia be míalɔ̃ Yehowa bliboe, atsɔ mía ɖokui katã akee.

8. Ne míelɔ̃ Mawu bliboe la, nu kae esia aʋã mí míawɔ?

8 Ne míelɔ̃ Mawu kple míaƒe dzi blibo, luʋɔ blibo kple tamesusu blibo la, míanye Biblia srɔ̃la dovevienuwo, míalɔ̃ awɔ nu sia nu si wòbia tso mía si, eye míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe. (Mat. 24:14; Rom. 12:1, 2) Ne lɔlɔ̃ vavã le mía si na Yehowa la, ana míayi edzi anɔ tetem ɖe eŋu ɖaa. (Yak. 4:8) Míate ŋu aƒo nu tso susu vovovo siwo tae wòle be míalɔ̃ Mawu la katã ŋu o. Ke hã mina míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo me.

 NU SI TAE WÒLE BE MÍALƆ̃ YEHOWA

9. Nu siwo tae wòle be míalɔ̃ Yehowa la dometɔ aɖewo ɖe?

9 Yehowa ye nye mía Wɔla kple Ame si naa nu siwo míehiã la mí. Paulo gblɔ be: “Eya dzie míeto le agbe, eye míeʋãna, eye míeli.” (Dɔw. 17:28) Yehowa ye tsɔ anyigba nyui sia na mí be míanɔ edzi. (Ps. 115:16) Enaa nuɖuɖu kple nu bubu siwo hiã be woalé míaƒe agbe ɖe te la hã mí. Eya tae Paulo te ŋu gblɔ na Listratɔ trɔ̃subɔlawo be: “Mawu gbagbe [la] . . . medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eya ŋutɔ ɖokui ŋu hafi o, esi wòwɔa nyui, eye wònaa tsidzadza mi tso dziƒo, kple ɣeyiɣi siwo me nuɖuɖu dona, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.” (Dɔw. 14:15-17) Ðe esiawo menye susu nyui aɖewo siwo tae míalɔ̃ mía Wɔla Gã kple Nunala lɔ̃ame la oa?Nyagb. 12:1.

10. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ɖe tafevɔsa la ŋu?

10 Mawu wɔ ɖoɖo si dzi woato aɖe nu vɔ̃ kple ku si dome míenyi tso Adam gbɔ la ɖa. (Rom. 5:12) Vavãe, “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Rom. 5:8) Ne míexɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se hetrɔ dzi me vavã la, woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ðikeke mele eme o be míelɔ̃ Yehowa vevie le ɖoɖo nyui sia si wòwɔ na mí ta.Yoh. 3:16.

11, 12. Mɔkpɔkpɔ kawoe Yehowa na mí?

11 Yehowa ‘na mɔkpɔkpɔ si nana dzidzɔ kple ŋutifafa yɔa mí fũu’ la mí. (Rom. 15:13) Mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le xɔse ƒe dodokpɔwo me. ‘Woana agbefiakuku’ amesiamina siwo ‘wɔ nuteƒe va se ɖe ku me ke la.’ (Nyaɖ. 2:10) Nuteƒewɔla siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la akpɔ yayra mavɔwo le xexea me katã ƒe Paradiso si ŋugbe wodo la me. (Luka 23:43) Aleke míesena le mía ɖokui me ɖe mɔkpɔkpɔ siawo ŋu? Ðe menana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme helɔ̃a Ame si naa “nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe” mí oa?Yak. 1:17.

12 Mawu na tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si faa akɔ na mí la mí. (Dɔw. 24:15) Enye nyateƒe be míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku doa vevesese geɖe na mí, gake tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nana be ‘míexaa nu abe ame siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la ene o.’ (1 Tes. 4:13) Esi Yehowa Mawu lɔ̃ mí ta la, edi vevie be yeafɔ kukuawo ɖe tsitre, vevietɔ nuteƒewɔlawo, abe ame dzɔdzɔe Hiob ene. (Hiob 14:15) Kpɔ dzidzɔ si gbegbe wòanye ne wogbɔ agbe míaƒe ame veviwo eye wogava wɔ ɖeka kpli mí la ɖa le susu me. Tsitretsitsimɔkpɔkpɔ wɔnuku si mía Fofo si le dziƒo na mí la na míegalɔ̃e vevie!

13. Nu kae ɖo kpe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vevie?

13 Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí vevie. (Mixlẽ Psalmo 34:7, 19, 20; 1 Petro 5:6, 7.) Esi míenya be mía Mawu lɔ̃ame la le klalo be yeakpe ɖe ye subɔla wɔnuteƒewo ŋu ta la, míekpɔnɛ be míele dedie abe eƒe ‘alẽwo le eƒe lãnyiƒe’ ene. (Ps. 79:13) Nu siwo Mawu awɔ na mí to eƒe Mesia Fiaɖuƒea dzi la ana míakpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ míi. Ne Yesu Kristo si nye Fia si wòtia la ɖe ŋutasesẽ, ameteteɖeanyi kple vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi vɔ la, amegbetɔƒomea me tɔ toɖolawo akpɔ ŋutifafa ahase vivi le agbe me ɖaa tegbee. (Ps. 72:7, 12-14, 16) Ðe mɔkpɔkpɔ siawo menye susu siwo tae wòle be míalɔ̃ Mawu si tsɔa ɖe le eme na mí vevie la kple míaƒe dzi, luʋɔ, ŋusẽ kple tamesusu blibo oa?Luka 10:27.

14. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae Mawu na mí?

14 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míanye yeƒe Ðasefowo. (Yes. 43:10-12) Míelɔ̃ Mawu le esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí  be míanɔ yeƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzi eye míana mɔkpɔkpɔ vavã nasu amewo si le xexe tɔzi sia me ta. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeƒoa nu kple kakaɖedzi le xɔse me elabena Mawu vavã, si ƒe ŋugbedodowo medoa kpo emevava o, la ƒe Nya la mee nya nyui si míeɖea gbeƒãe la tso. (Mixlẽ Yosua 21:45; 23:14.) Le nyateƒe me la, míate ŋu agblɔ susu siwo katã tae wòle be míalɔ̃ Yehowa ɖo alo ayɔ yayra siwo ŋugbe wòdo la katã avɔ o. Gake aleke míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu?

ALE SI MÍAÐEE AFIA BE MÍELƆ̃ MAWU

15. Aleke Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple edziwɔwɔ akpe ɖe mía ŋu?

15 Srɔ̃ Mawu ƒe Nya la veviedodotɔe eye nàwɔ ɖe edzi. Esia wɔwɔ aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa eye míedi vavã be eƒe nya nanye ‘kekeli na míaƒe toƒe.’ (Ps. 119:105) Ne míele xaxawo me tom la, kakaɖedzinya siawo siwo me lɔlɔ̃ le la ate ŋu afa akɔ na mí: “Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.” “Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi. Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.” (Ps. 51:19; 94:18, 19) Ame siwo le fu kpem la ƒe nu wɔa nublanui na Yehowa eye wòvea wo nu, eye Yesu hã ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu. (Yes. 49:13; Mat. 15:32) Ne míesrɔ̃a Biblia la, akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi, eye esia ate ŋu aʋã mí be míalɔ̃e geɖe wu.

16. Aleke gbedodoɖa edziedzi ate ŋu ana míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu natsi ɖe edzi?

16 Do gbe ɖa na Mawu edziedzi. Gbedodoɖa nana míeyia edzi nɔa tetem ɖe ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu. (Ps. 65:3) Ne míede dzesii be Mawu le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom na mí la, míaƒe lɔlɔ̃ na eyama gadea to ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míekpɔe be meɖea mɔ wotea mí kpɔna wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o. (1 Kor. 10:13) Ne míeƒo koko na Yehowa vevie le ɣeyiɣi siwo me míetsi dzimaɖi la, “Mawu ƒe ŋutifafa” si ɖeke mesɔ kplii o la adzɔ míaƒe tamesusuwo ŋu. (Flp. 4:6, 7) Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míado gbe ɖa le susu me—abe ale si Nexemiya wɔe ene—eye míakpɔe be woɖo eŋu na mí. (Neh. 2:1-6) Ne ‘míenɔa gbedodoɖa dzi ɖaa’ eye míekpɔa ale si Yehowa  ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu na míi la, lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la tsina ɖe edzi eye míegakana ɖe edzi geɖe wu be akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo nu.Rom. 12:12.

17. Ne míelɔ̃ Mawu vavã la, aleke wòle be míabu míaƒe kpekpewo?

17 Ðoe wò taɖodzinu be nàde Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo katã. (Heb. 10:24, 25) Israel viwo kpea ta be yewoase Yehowa ƒe nya ahasrɔ̃ nu tso eŋu ale be yewoavɔ̃e ahawɔ eƒe Se la dzi. (5 Mose 31:12) Ne míelɔ̃ Mawu nyateƒe la, eƒe sewo dzi wɔwɔ manye agba na mí o. (Mixlẽ 1 Yohanes 5:3.) Eya ta mina míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míade míaƒe kpekpeawo katã. Míedi be naneke nagblẽ lɔlɔ̃ si nɔ mía si gbã na Yehowa la me o.Nyaɖ. 2:4.

18. Nu kae lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míewɔna?

18 Gblɔ “nya nyui la ƒe nyateƒe la” na amewo dzonɔamemetɔe. (Gal. 2:5) Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míeɖea gbeƒã tso Via lɔlɔ̃a ƒe Mesia Fiaɖuƒea ŋu. Le Harmagedon me la, Via ‘aho le nyateƒenya la’ ta. (Ps. 45:5; Nyaɖ. 16:14, 16) Dzidzɔ gãe wònye na mí be míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple xexe yeye si ŋugbe wòdo la ŋu!Mat. 28:19, 20.

19. Nu ka tae wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Yehowa wɔ hena eƒe alẽwo kpɔkplɔ ŋu?

19 Kpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ hena eƒe alẽwo kpɔkplɔ ŋu. (Dɔw. 20:28) Esi Yehowa dia míaƒe nyonyo ɣesiaɣi ta la, ena hamemetsitsi Kristotɔwo mí. Wole “abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yes. 32:1, 2) Bu ale si wò dzi adze emee ne èkpɔ teƒe nyui aɖe be ɖo esime ya sesẽ aɖe le ƒoƒom alo tsi gã aɖe le dzadzam alo esime ŋdɔ nu le sesẽm la ŋu kpɔ! Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siawo na míekpɔe be hamemetsitsiwo kpena ɖe mía ŋu hedea dzi ƒo na mí be míayi edzi asubɔ Yehowa ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. Ne míeɖoa to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome la, míeɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe “nunana siwo nye amewo” ŋu, eye esia ɖoa kpe edzi be míelɔ̃ Mawu kple Kristo si nye hamea ƒe Ta la.Ef. 4:8; 5:23; Heb. 13:17.

Yehowa ɖo dzikpɔla siwo tsɔa ɖe le eme na mí vavã (Kpɔ memama 19)

NA WÒ LƆLƆ̃ NA MAWU NANƆ TSITSIM ÐE EDZI

20. Ne èlɔ̃ Mawu nyateƒe la, nu kae nàwɔ abe ale si Yakobo 1:22-25 gblɔe ene?

20 Ne èdi be wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la, ele be nànye “nyadziwɔla, ke menye nyasela” dzro ko o. (Mixlẽ Yakobo 1:22-25.) Xɔse le “nyadziwɔla” si eye esia ʋãnɛ wòkpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo me dzonɔamemetɔe. Ne èlɔ̃ Mawu nyateƒe la, àwɔ ɖe Yehowa ƒe “se deblibo,” si ku ɖe nu siwo katã wòdi tso asiwò ŋu la dzi.Ps. 19:8-12.

21. Nu kae wò gbedodoɖa siwo tso dzi me ate ŋu asɔ kple?

21 Lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu aʋã wò nànɔ gbe dom ɖa nɛ tso dzi me edziedzi. Le blema Israel la, nunɔlawo doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe. Hakpala David tsɔ eƒe gbedodoɖawo sɔ kple dzudzɔ ʋeʋĩ esi wògblɔ na Yehowa be: “Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwòme abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.” (Ps. 141:2; 2 Mose 30:7, 8) Neva eme be wò kukuɖeɖewo, kokoƒoƒowo, kafukafu kple akpedanyawo na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe tso dzi me nanɔ abe atike ʋeʋĩ ene, ale be wòadze eŋu.Nyaɖ. 5:8.

22. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

22 Yesu gblɔ be míalɔ̃ Mawu eye míalɔ̃ mía haviwo hã. (Mat. 22:37-39) Nyati si kplɔe ɖo ana míakpɔ ale si lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe sewo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe mía haviwo ŋu nyuie ahalɔ̃ wo.