1 Korintotɔwo 10:1-33

  • Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo tso Israel-viwo ƒe ŋutinya me (1-13)

  • Nuxɔxlɔ̃ le trɔ̃subɔsubɔ ŋu (14-22)

    • Yehowa ƒe kplɔ̃, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ (21)

  • Ablɔɖe kple amewo ŋu bubu (23-33)

    • “Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu” (31)

10  Ke nɔviwo, medi be mianyae be, mía tɔgbuiwo katã nɔ alilikpo la te,+ eye wo katã woto ƒu la me,+  eye wonyrɔ wo katã ɖe Mose me esi wonɔ alilikpo la te heto ƒu la me,  eye wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,+  eye wo katã wono gbɔgbɔmenunono ma ke.+ Elabena wono tsi tso gbɔgbɔ me agakpe si dze wo yome la me, eye agakpe ma le tsitre ɖi na Kristo la.*+  Gake Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ ŋu o, elabena ena woku le gbea dzi.+  Ke nu siawo zu kpɔɖeŋu na mí, ale be míaganye nu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe ale si wòdzro wo ene o.+  Migazu trɔ̃subɔlawo abe wo dometɔ aɖewo ene o; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi ɖu nu no nu. Eye wotso hedo dzidzɔ na wo ɖokuiwo.”+  Migana míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me, abe ale si wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me, ale be wodze anyi, ame akpe blaeve vɔ etɔ̃ sɔŋ le ŋkeke ɖeka dzi la ene o.+  Eye migate Yehowa* kpɔ,+ abe ale si wo dometɔ aɖewo tee kpɔ, eye dawo tsrɔ̃ wo la ene o.+ 10  Migazu liʋiliʋĩlĩlawo, abe ale si wo dometɔ aɖewo lĩ liʋiliʋĩ,+ eye nutsrɔ̃la tsrɔ̃ wo la ene o.+ 11  Ke nu siawo dzɔ ɖe wo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔ wo ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí+ ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la. 12  Eya ta ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.+ 13  Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko.+ Ke nuteƒewɔlae Mawu nye, eye maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o,+ gake ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la hã, ale be miate ŋu ado dzi atsɔe.+ 14  Eya ta nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ nu.+ 15  Mele nu ƒom na mi ame siwo si gɔmesese le; miawo ŋutɔwo mida nya si gblɔm mele la kpɔ. 16  Yayrakplu si míeyrana la, ɖe menye gomekpɔkpɔ le Kristo la ƒe ʋu mee wònye oa?+ Abolo si míeŋena la, ɖe menye gomekpɔkpɔ le Kristo la ƒe ŋutilã mee wònye oa?+ 17  Elabena abolo ɖeka koe, togbɔ be míawo míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye,+ elabena mí katã míeɖua abolo ɖeka ma ke ƒe ɖe. 18  Mikpɔ ŋutilã me Israel la ɖa: Ðe ame siwo ɖua vɔsanuawo la mekpɔa gome le wo me kple vɔsamlekpui la oa?+ 19  Ekema nya ka gblɔm mele? Be nu si wotsɔ sa vɔ na trɔ̃ la nye nanea, alo be trɔ̃ nye nanea? 20  Ao; ke boŋ mele gbɔgblɔm be, nu si dukɔwo tsɔ saa vɔe la, gbɔgbɔ vɔ̃woe wotsɔa wo saa vɔe na, ke menye na Mawu o;+ eye nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.+ 21  Miate ŋu anɔ nu nom le Yehowa* ƒe kplu nu aganɔ nu nom le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu nu o; miate ŋu anɔ nu ɖum le “Yehowa ƒe kplɔ̃”+ ŋu aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o. 22  Alo ‘ɖe míele ewɔm be Yehowa* naʋã ŋua’?+ Ŋusẽ mele mía si wui o ɖe? 23  Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe dea ame dzi o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe tua ame ɖo o.+ 24  Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.+ 25  Nu sia nu si wodzrana le lãsi me la, miate ŋu aɖui, eye miganɔ nya gɔme biam o le miaƒe dzitsinya ta, 26  elabena “Yehowa* tɔe nye anyigba kple edzinuwo katã.”+ 27  Ne dzimaxɔsetɔ aɖe kpe mi, eye mielɔ̃ be yewoayi la, miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme, eye miganɔ nya gɔme biam o le miaƒe dzitsinya ta. 28  Ke ne ame aɖe gblɔ na mi be, “Wotsɔ nu sia sa vɔe” la, ekema migaɖui o, le ame si gblɔe ta kple dzitsinya ta.+ 29  Menye miaƒe dzitsinya ye mewɔnɛ o, ke boŋ ame kemɛa tɔ. Elabena nu ka tae ame bubu ƒe dzitsinya nadrɔ̃ ʋɔnu nye ablɔɖe?+ 30  Ne meda akpe hafi le nua ɖum ɖe, nu ka tae woaƒo nu gbegblẽ le ŋunye le nu si ta meda akpe ɖo la ŋu?+ 31  Eya ta ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.+ 32  Migazu nuɖiaɖia na Yudatɔwo kple Helatɔwo kpakple Mawu ƒe hame la o,+ 33  abe ale si nye hã mele amewo katã ŋu dzem le nuwo katã me, eye nyemele nye ŋutɔ nye nyonyo dim o,+ ke boŋ ame geɖewo tɔ, be woakpɔ ɖeɖe la ene.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nye Kristo la.”