5 Mose 7:1-26

  • Dukɔ adre siwo woatsrɔ̃ (1-6)

  • Nu si tae wotia Israel (7-11)

  • Toɖoɖo hea yayrawo vanɛ (12-26)

7  “Ne Yehowa wò Mawu kplɔ wò yi anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò dzi la,+ eya ŋutɔ anya dukɔ siwo me tɔwo sɔ gbɔ,+ siwo nye Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo,+ Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo,+ dukɔ adre siwo me tɔwo sɔ gbɔ hesesẽ wu wò la ɖa le ŋgɔwò.+  Yehowa wò Mawu atsɔ wo ade asi na wò, eye àɖu wo dzi.+ Ele be nàtsrɔ̃ wo gbidigbidi.+ Mègabla nu kpli wo alo ave wo nu kura o.+  Eye mègana srɔ̃ɖekadodo aɖeke nanɔ wò kpli wo dome o. Mègatsɔ viwònyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye mègaɖe wo vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo hã o.+  Elabena woana viwòŋutsuwo natrɔ le yonyeme aɖasubɔ mawu bubuwo;+ ale be Yehowa ƒe dziku nafla ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò kaba ŋutɔ.+  “Ke boŋ nu si miawɔ woe nye esi: Mimu woƒe vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, migbã woƒe trɔ̃sɔtiwo,+ milã woƒe Asera-tiwo*+ ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe legbawo.+  Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa wò Mawu, eye Yehowa wò Mawu tia wò nèzu eƒe dukɔ kple eƒe nunɔamesi tɔxɛ* le dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome.+  “Menye esi miesɔ gbɔ wu le dukɔwo katã dome tae Yehowa lɔ̃ mi, eye wòtia mi ɖo o,+ elabena miawoe le ʋɛ wu le dukɔwo katã dome.+  Ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ atam si wòka na mia tɔgbuiwo+ dzi la tae Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi dzoe heɖe mi tso kluviƒe me,+ tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ* te ɖo.  Ènyae nyuie be Yehowa wò Mawue nye Mawu vavã la, Mawu nuteƒewɔla la, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ kple ame siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi la nu, va se ɖe dzidzime akpewo dzi.+ 10  Ke atsrɔ̃ ame siwo léa fui la godoo atsɔ ahe to na woe.+ Mahe ɖe megbe o, atso ɖe ame siwo léa fui la ŋu; ahe to na wo godoo. 11  Eya ta lé sedede kple ɖoɖo kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo gblɔm mele na wò egbea la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi pɛpɛpɛ. 12  “Ne mieyi edzi lé fɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siawo ŋu, eye mielé wo me ɖe asi hewɔ wo dzi la, Yehowa wò Mawu awɔ nubabla la dzi ahave nuwò abe ale si wòka atam na tɔgbuiwòwo ene. 13  Alɔ̃ wò, eye wòayra wò ahana nàdzi ɖe edzi asɔ gbɔ. Ɛ̃, atsɔ vi geɖe ayra wò,*+ eye wòayra wò anyigbadzikutsetse, wò agblemenuku, wò wain yeye kple wò ami,+ wò nyiwo ƒe viwo kple wò alẽwo ƒe viwo, le anyigba si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo be yeatsɔ ana wò la dzi.+ 14  Woayra wò wu dukɔwo katã;+ ŋutsu alo nyɔnu aɖeke manɔ mewò, si si vi manɔ o, eye wò lãwo hã matsi ko o.+ 15  Yehowa aɖe dɔléle ɖe sia ɖe ɖa le dowòme; eye mana Egipte ƒe dɔléle vɔ̃ɖi siwo katã nènya la naɖe fu na wò o.+ Ke boŋ akplɔ wo aƒu ame siwo katã léa fu wò. 16  Eye nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa wò Mawu tsɔ de asi na wò la.+ Mègakpɔ* nublanui na wo o,+ mègasubɔ woƒe mawuwo o,+ elabena woazu mɔ̃ aɖe wò.+ 17  “Ne ègblɔ le wò dzi me be, ‘Dukɔ siawo sɔ gbɔ wu mí sãsãsã, aleke mawɔ anya wo ɖa?’+ hã la, 18  mègavɔ̃ wo o.+ Ðo ŋku nu si Yehowa wò Mawu tu kple Farao kple Egipte blibo la katã dzi,+ 19  eye ɖo ŋku ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ* siwo wòhe va wo dzi wò ŋkuwo kpɔ, kple dzesiwo, nukunuwo,+ asi sesẽ kple alɔ si wodo ɖa, si Yehowa wò Mawu tsɔ kplɔ wò dzoe la dzi.+ Aleae Yehowa wò Mawu awɔ dukɔ siwo katã vɔ̃m nèle lae.+ 20  Yehowa wò Mawu ana dzi naɖe le amewo ƒo* le ŋgɔwò, va se ɖe esime ame siwo susɔ,+ siwo le bebem na wò la natsrɔ̃. 21  Dzidzi megaƒo wò le wo ta o, elabena Yehowa wò Mawu, Mawu gã dziŋɔ la,+ le dowòme.+ 22  “Yehowa wò Mawu anya dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò vivivi.+ Maɖe mɔ na wò be nàtsrɔ̃ wo ɖa zi ɖeka o, ne lã wɔadãwo nagava dzi ɖe edzi ɖe ŋuwò o. 23  Yehowa wò Mawu atsɔ wo ade asi na wò, eye nàsi wo va se ɖe esime wotsrɔ̃ vɔ.+ 24  Atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò,+ eye nàtutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.+ Ame aɖeke manɔ te ɖe nuwò o,+ va se ɖe esime nètsrɔ̃ wo keŋkeŋ.+ 25  Mitɔ dzo woƒe mawuwo ƒe legbawo.+ Wo ŋu klosalo kple sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o,+ be woagazu mɔ̃ na wò o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa wò Mawu.+ 26  Mègatsɔ ŋunyɔnu va aƒewò me ne woagatsrɔ̃ wò ŋutɔ hã abe nua ke ene o. Nànyɔ ŋui aganyɔ ŋui ɖe edzi, elabena nu si woatsrɔ̃ gbidii ye wònye.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nunɔamesi vevi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “asi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ayra wò dɔmevi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku megakpɔ.”
Alo, “nɔnɔme sesẽ.”
Agate ŋu afia, “amewo nadzo nyanyanya; ŋɔdzi nalé wo.”