Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàkpe Ðe Haxɔsetɔ Siwo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Me Gblẽ Ŋu?

Aleke Nàkpe Ðe Haxɔsetɔ Siwo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Me Gblẽ Ŋu?

Anɔ eme be ènya ame aɖe si ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ—ɖewohĩ ènya wo dometɔ geɖe gɔ̃ hã. Esi srɔ̃gbegbe bɔ tae. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le Poland ɖee fia be ame siwo ɖe srɔ̃ ƒe etɔ̃ va se ɖe ƒe ade hafi xɔ ƒe 30 la dometɔ geɖe gbea wo nɔewo zi geɖe. Ke hã menye ame siwo xɔ ƒe mawo koe gbea srɔ̃ o.

Le nyateƒe me la, Ƒomeɖoɖowo Wɔha si le Spain ka nya ta be: “Akɔntabubu ɖee fia be ame siwo katã ɖea srɔ̃ [le Europa] ƒe afã gbea wo nɔewo.” Aleae nɔnɔmea le le dukɔ deŋgɔ bubuwo hã me.

SESELELÃME ÐEFUNAMEWO

Nu ka gbɔe esia tsona? Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola kpɔnuteƒe aɖe si le Ɣedzeƒe Europa gblɔ be: “Srɔ̃gbegbe nye agbalẽwɔwɔ ɖe nu si dzɔ xoxo dzi le setɔwo gbɔ—srɔ̃tɔawo dome gblẽ xoxo eye woklã tso wo nɔewo gbɔ, esia nye nu si vena ŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Seselelãme ɖefuname siwo nu sẽ abe dziku, fɔbuameɖokui, mɔkpɔkpɔbuɖeame kple ŋukpe ene” ye kplɔnɛ ɖo zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ame si le nɔnɔme sia me tom dina be yeawu ye ɖokui. Aɖaŋuɖolaa yi edzi be, “Ne ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe srɔ̃gbegbea dzi vɔ la, wogakpea akɔ kple nɔnɔme bubuwo. Ame si srɔ̃a gbee la sena le eɖokui me be yemele ɖeke me o, eye be yetsi yame. Ate ŋu anɔ eɖokui biam be: ‘Ke esi srɔ̃nye gbem fifia ɖe, bo ka nue megale? Nu ka tae megale agbe ɖo?’”

Nɔvinyɔnu Ewa gblɔ le ale si wòse le eɖokui me va yi ŋu be: “Ŋu kpem vevie le srɔ̃gbegbea megbe, nye aƒelikawo kple dɔwɔhatiwo tsɔ megbeŋkɔ nam be ‘atsugbela.’ Medoa dɔmedzoe zi geɖe. Esi srɔ̃nye gblẽ mía vi sue eveawo ɖe dzinye ta la, meva zu tɔ kple nɔ siaa na ɖeviawo.” * Nɔviŋutsu Adam nye hamemetsitsi ƒe 12 sɔŋ la gblɔ be: “Bubu klo le ŋunye ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi medoa dziku helĩhelĩ, eye nyemegadina be magogo ame aɖeke o.”

ƲLI SESĨE NÀGBƆ VA ÐOKUIWÒ ME

Togbɔ be ƒe geɖe va yi tso esime ame aɖewo gbe wo nɔewo hã la, wogatsia dzodzodzoe ɖe ale si etsɔme ava nɔ na wo ŋu, eye wòle sesẽm na wo be woagbugbɔ ava wo ɖokui me. Ate ŋu awɔ na wo be amewo megatsɔa ɖeke le eme na yewo o. Nyɔnu aɖe si ŋlɔa nu tso srɔ̃gbegbe ŋu gblɔ be: “Ele be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu eye woasrɔ̃ ale si woakpɔ kuxiwo gbɔ le wo ɖokui si.”

Nɔviŋutsu Stanisław gblɔ be: “Esi míegbe mía nɔewo la, srɔ̃nye xoxoa meɖea mɔ nam be mava kpɔ vinye nyɔnuvi sue eveawo ɖa o. Esia na mesena le ɖokuinye me be amewo megatsɔ ɖeke le eme nam o, eye be Yehowa hã gblẽm ɖi. Agbenɔnɔ megadzroam  o. Gake emegbe meva kpɔe be nyemenɔ nuwo ŋu bum nyuie o.” Nɔvinyɔnu Wanda, si kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo, eye eya hã tsia dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu la gblɔ be: “Ewɔ nam be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo—siwo dome haxɔsetɔwo hã le—aŋlɔ nye kple vinyewo be godoo. Gake mekpɔ ale si gbegbe haxɔsetɔwo ƒo zi ɖe mía ŋu hekpe ɖe ŋunye esi mele agbagba dzem be manyi vinyewo woava zu Yehowa subɔlawo.”

Nya siawo ɖee fia be srɔ̃gbegbe nana amewo toa nuxaxa kple vevesese geɖe me. Ate ŋu ana woada wo ɖokui ɖe anyi ahasusui be yewomegaɖi naneke le amewo ŋkume o. Hekpe ɖe eŋu la, woate ŋu anɔ nya hem ɖe amewo ŋu madzemadzee. Esia ate ŋu ana woava nɔ hamea me tɔwo bum be womeléa be na ame alo sea veve ɖe ame nu o. Gake abe ale si Stanisław kple Wanda ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia ene la, nɔvi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ tea ŋu va kpɔnɛ emegbe be hamea tsɔa ɖe le eme na yewo vevie. Le nyateƒe me la, haxɔsetɔwo ɖea ɖetsɔleme fiaa wo nɔvi siawo etɔxɛe, nenye be woawo mekpɔ esia dze sii gbã o gɔ̃ hã.

NE WOTSI AKOGO

Togbɔ be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míakpe ɖe haxɔsetɔ siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ ŋu hã la, woate ŋu anɔ sesem le wo ɖokuiwo me ɣeaɖewoɣi be yewotsi akogo. Vevietɔ nɔvinyɔnu si srɔ̃a gbee ate ŋu asusu be ame geɖe megatsɔa ɖeke le eme na ye o. Alicja gblɔ be: “Ƒe enyie nye esi va yi tso esime míegbe mía nɔewo. Ke hã megasena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be nyemele ɖeke me o. Le ɣeyiɣi mawo me la, medzroam be manɔ amewo dome o, mefaa avi, eye nye nu wɔa nublanui na ɖokuinye.”

Togbɔ be ame geɖe toa nɔnɔme siawo tɔgbi me hã la, Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míaganɔ mía ɖokui ɖem ɖe aga o. Mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga fia be míele tsitre tsim ɖe “nunyanyawo katã ŋu.” (Lod. 18:1) Gake ele be ame si tsi akogo nanya be, nunya manɔ eme be wòanɔ aɖaŋuɖoɖo kple akɔfafa dim tso ame si ƒe vidzinu to vovo na etɔ gbɔ enuenu o. Esia ana wòaƒo asa na dzodzro siwo mesɔ o la nyɔnyɔ ɖe eɖokui me.

Ne mía nɔvi siwo srɔ̃wo gbe wo alo wogbe wo srɔ̃wo la tsi akogo, ne wosusu be womegatsɔa ɖeke le eme na yewo o, alo ne wotsi dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu la, ele be míadze agbagba ase woƒe seselelãmea gɔme na wo, abe ale si Yehowa wɔnɛ ene, eye míawɔ mía tɔ sinua akpe ɖe wo ŋu. (Ps. 55:23; 1 Pet. 5:6, 7) Míeka ɖe edzi be ame siawo akpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si hamea me tɔwo nana wo abe xɔlɔ̃ vavãwo ene la ŋu.Lod. 17:17; 18:24.

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.